-
Yeremiya 29:31, 32Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 “Ðo ame ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya si tso Nehelam ŋue nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ menye nyee dɔe o, eye wòdi be yeana miaɖo ŋu ɖe alakpanyawo ŋu+ ta la, 32 ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Kpɔ ɖa, matrɔ ɖe Semaya si tso Nehelam kple eƒe dzidzimeviwo ŋu. Eƒe ame aɖeke makpɔtɔ ɖe dukɔ sia dome o; eye makpɔ nyui si wɔ ge mala na nye dukɔ la teƒe o, elabena ede aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe dzi ƒo,’ Yehowa ye gblɔe.’”’”
-