3 Mose 26:44 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 44 Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye nu siawo katã dzɔ hã la, nyemagbe nu le wo gbɔ keŋkeŋ+ alo anyɔ ŋu wo, ale be matsrɔ̃ wo gbidigbidi, ne matu nubabla+ si le nye kpli wo dome la o; elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Nehemiya 9:31 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 31 Le wò nublanuikpɔkpɔ gbogbo la ta la, mètsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ+ alo gbe wo o, elabena Mawu veveseɖeamenula* kple nublanuikpɔlae nènye.+ Konyifahawo 3:22 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 22 Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o tae míetsrɔ̃ o ɖo,+Elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ nu meyina gbeɖe o.+ Amos 9:8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 8 ‘Kpɔ ɖa! Nye, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nye ŋku le fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ la ŋu,Eye mele etsrɔ̃ ge ɖa le anyigba la dzi.+ Gake nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la ɖa keŋkeŋ o,’+ Yehowa ye gblɔe.
44 Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye nu siawo katã dzɔ hã la, nyemagbe nu le wo gbɔ keŋkeŋ+ alo anyɔ ŋu wo, ale be matsrɔ̃ wo gbidigbidi, ne matu nubabla+ si le nye kpli wo dome la o; elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.
31 Le wò nublanuikpɔkpɔ gbogbo la ta la, mètsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ+ alo gbe wo o, elabena Mawu veveseɖeamenula* kple nublanuikpɔlae nènye.+
8 ‘Kpɔ ɖa! Nye, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nye ŋku le fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ la ŋu,Eye mele etsrɔ̃ ge ɖa le anyigba la dzi.+ Gake nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la ɖa keŋkeŋ o,’+ Yehowa ye gblɔe.