INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 34:6, 7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 Eye Yehowa va to eŋu yi hele gbeƒã ɖem be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla+ kple veveseɖeamenula,*+ ame si medoa dziku kabakaba o,+ eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o+ kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ,+ 7 ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo,+ eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena,+ ke megbea tohehe na fɔɖila o;+ ame si hea fofowo ƒe vodada ŋuti tohehe vaa viwo kple tɔgbuiyɔviwo dzi, vaa dzidzime etɔ̃lia kple dzidzime enelia dzi.”+

  • Yeremiya 46:27, 28
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 ‘Ke wò, nye subɔla Yakob, mègavɔ̃ o,

      Oo Israel, dzidzi megaƒo wò o.+

      Elabena maɖe wò tso didiƒe

      Kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo yii la dzi.+

      Yakob atrɔ agbɔ ava nɔ anyi kpoo, eye womaɖe fu nɛ o,

      Eye ame aɖeke mado voɖi nɛ o.+

      28 Yehowa be, ‘Wò nye subɔla Yakob, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.’

      Matsrɔ̃ amewo le dukɔ siwo katã dome meka wò hlẽ ɖo la me,+

      Ke nyematsrɔ̃ wò ya o.+

      Mahe to na wò* ale si dze,+

      Gake nyemagbe tohehe na wò o.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe