17 Ke Mawu vavã la na sidzedze kple gɔmesese deto ɖekakpui* ene siawo le nuŋɔŋlɔ ƒomevi ɖe sia ɖe kple nunya gome; ke wona Daniel ya sea ŋutegawo kple drɔ̃ewo katã ƒomevi gɔme.+
28 Ke Mawu aɖe le dziƒowo, Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana;+ eyae ɖe nu siwo ava dzɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la fia Fia Nebukadnezar. Drɔ̃e si nèku kple ŋutega siwo nèkpɔ esime nèle wò aba dzi lae nye esi: