-
Daniel 2:44, 45Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
44 “Eye le fia mawo ŋɔli la, dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe+ aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.+ Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o.+ Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu,+ eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee,+ 45 abe ale si nèkpɔ woka kpe aɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, wòtso to la dzi va gbã gayibɔ, akɔbli, tsu, klosalo kple sika la gudugudu ene.+ Mawu Gã lae ɖe nu siwo ava dzɔ la fia fia la.+ Drɔ̃e la le eme, eye egɔmeɖeɖe le eteƒe.”
-