Psalmowo
Na henɔ la. David ƒe ha.
140 Oo Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo si me;
Kpɔ tanye tso ŋutasẽlawo si me,+
2 Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe dzi me,+
Eye wodea dzre aƒe gbe sia gbe.
4 Oo Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo si me;+
Kpɔ tanye tso ŋutasẽlawo si me,
Ame siwo ɖo tame be yewoaƒum anyi.
5 Dadalawo ɖo mɔ̃ nam le adzame;
Woɖo ɖɔ ɖe mɔ to nam.+
Wotre mɔ̃ nam.+ (Sela)
6 Megblɔ na Yehowa be: “Nye Mawu nènye.
Oo Yehowa, ƒu to anyi ɖe nye kokoƒogbe ŋu.”+
7 Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, nye Xɔnametɔ sesẽ,
Ètsyɔ nu ta nam le aʋakpegbe.+
8 Oo Yehowa, mègawɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi dzi na wo o.
Mègana woƒe nugbeɖoɖo la nadze edzi na wo o, ale be woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o.+ (Sela)
9 Na nya vɔ̃ siwo gblɔm ame siwo ƒo xlãm le la,
Natrɔ va woawo ŋutɔwo ƒe ta dzi.+
10 Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi.+
11 Mègana ameŋugblẽla nakpɔ nɔƒe le anyigba la dzi o.+
Na vɔ̃ nayɔ ŋutasẽlawo ɖe nu ne wòaƒo wo aƒu anyi.
12 Menyae nyuie be Yehowa aʋli ame tsɛwo ta,
Eye wòadrɔ̃ nya na ame dahewo.+
13 Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ la godoo;
Nu dzɔdzɔe wɔlawo anɔ ŋkuwòme.+