Hiob
3 Le esia megbe la, Hiob ke nu, eye wòƒo fi de eƒe dzigbe.*+ 2 Hiob gblɔ be:
3 “Gbe si gbe wodzim la netsrɔ̃,+
Zã si me wogblɔ be, ‘Wofɔ ŋutsu ƒe fu’ la hã netsrɔ̃!
4 Ŋkeke ma nedo viviti.
Mawu si le dziƒo megabia eta se o;
Eye kekeli megaklẽ ɖe edzi o.
5 Viviti tsiɖitsiɖi* nexɔe.
Alilikpo dodo netsyɔ edzi.
Nu siwo nana ŋkeke doa viviti la nedo ŋɔdzi nɛ.
6 Zã ma nedo viviti tsiɖitsiɖi;+
Dzi megadzɔe le ƒea ƒe ŋkekewo dome o,
Eye woagaxlẽe ɖe ɣletiŋkekewo dome o.
7 Ɛ̃, zã ma netsi ko;
Dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.
9 Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti;
Nelala kekeli, ke megaklẽ nɛ o,
Eye megakpɔ agudzedze o.
10 Elabena mexe danye ƒe vidzidɔ nu o;+
Eye meɣla fuɖename ɖe nye ŋkuwo hã o.
11 Nu ka tae nyemeku le nye dzigbe o?
Nu ka tae nye agbe nu metso esi medo tso vidzidɔ me o?+
12 Nu ka tae wokɔm ɖe akɔ
Eye nu ka tae wona nom ɖo?
13 Anye ne fifia memlɔ anyi le tomefafa me;+
Anye ne medɔ alɔ̃ hele ɖiɖim ɖe eme,+
14 Kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe adaŋudelawo,
Ame siwo tu teƒe siwo zu aƒedowo fifia la na wo ɖokuiwo,
15 Alo kple amegã siwo si sika le,
Ame siwo ƒe xɔwo me yɔ taŋ kple klosalo.
16 Alo nu ka tae nyemele abe fugege si le ɣaɣla ene,
Abe vidzĩ siwo mekpɔ kekeli aɖeke kpɔ o ene o?
17 Afi mae ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã dzudzɔ agbodzedze le;
Afi mae ame siwo nu ti kɔ na la le ɖiɖim ɖe eme le.+
18 Afi mae gamenɔlawo katã ŋu vo le;
Womegasea ame siwo zia wo dzi be woawɔ dɔ ƒe bublu o.
19 Ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa sɔ le afi ma,+
Eye kluvi vo tso eƒe aƒetɔ si me.
21 Nu ka tae ame aɖewo le ku dim, evɔ wògbe vava?+
Wole edim vevie wu ale si wodia kesinɔnu le to me gɔ̃ hã,
22 Wo ame siwo tsoa aseye,
Eye woglina kple dzidzɔ ne wokpɔ ɖiƒe.
23 Nu ka tae wònaa kekeli ŋutsu si ƒe mɔwo bu ɖee,
Ame si ŋu Mawu tɔ kpɔ ɖo?+
25 Elabena nu si dzia ŋɔ nam lae dzɔ ɖe dzinye,
Eye nu si vɔ̃m mele la dzɔ ɖe dzinye.
26 Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔdzɔe aɖeke o,
Negbe xaxawo sɔŋ ko.”