Psalmowo
Na henɔ la; ɖe “Mègagblẽ Nu O” ƒe gbe nu. David ƒe ha. Miktam.*
58 Ðe miate ŋu aƒo nu tso dzɔdzɔenyenye ŋu ne miezi ɖoɖoea?+
Mi amegbetɔviwo, ɖe miate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔea?+
5 Mesea gbesalawo ƒe gbe o,
Aleke kee gbesalawo ɖabi ɖe gbesasa me o.
6 Oo Mawu, ŋe aɖu le nu me na wo!
Oo Yehowa, ŋe glãƒu na dzata* siawo!
7 Wo nu neyi abe tɔsisi si mie ene.
Nevu eƒe da me eye eƒe aŋutrɔwo naté wo woadze anyi.
8 Wonenɔ abe abɔbɔ si le nyinyim le yiyim la ene;
Abe vi si ku hafi wodzi si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene.
9 Hafi miaƒe zewo nase ŋùti si wotsɔ do dzoe ɖe wo te ƒe dzoxɔxɔ ŋkɔ la,
Mawu akplɔ ŋùti mumua kple esi le bibim la siaa adzoe abe ahom ye lɔ wo ɖe nu ene.+
11 Ekema amewo agblɔ be: “Nyateƒee, teƒeɖoɖo li na ame dzɔdzɔe.+
Nyateƒee, Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu le anyigba dzi.”+