INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ʋɔnudrɔ̃lawo 19
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Totoɖeme

      • Benyamin viwo wɔ ŋukpenanu le Gibea (1-30)

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Sa 8:4, 5
  • +Yos 17:14, 15
  • +1Mo 35:19; Mik 5:2

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:5

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wòado ŋusẽ wò dzi.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:6

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wò dzi nadze eme.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:8

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “wòado ŋusẽ wò dzi.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:9

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayi wò agbadɔ me.”

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 15:8, 63; 18:28; Ʋɔn 1:8

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 18:28

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yos 18:21, 25

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2005, axa 27

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:16

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 19:1
  • +Yos 18:21, 28

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:18

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Agate ŋu afia, “eye mesubɔna le Yehowa ƒe aƒe la me.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 19:1, 2

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 24:32
  • +1Mo 18:5; 19:3

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:4, 5; 3Mo 20:13; Ro 1:27; 1Ko 6:9, 10; Yud 7

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:24

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “ne miadɔ wo gbɔ, eye miawɔ nu si dze mia ŋu la ɖe wo ŋu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Mo 19:6-8

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:25

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 19:2

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:30

Etenuŋɔŋlɔwo

  • *

    Alo, “mitsɔ miaƒe dzi ɖo eŋu.”

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ʋɔn 20:7

Bubuwo

Ʋɔn. 19:11Sa 8:4, 5
Ʋɔn. 19:1Yos 17:14, 15
Ʋɔn. 19:11Mo 35:19; Mik 5:2
Ʋɔn. 19:10Yos 15:8, 63; 18:28; Ʋɔn 1:8
Ʋɔn. 19:12Yos 18:28
Ʋɔn. 19:13Yos 18:21, 25
Ʋɔn. 19:151Mo 19:2
Ʋɔn. 19:16Ʋɔn 19:1
Ʋɔn. 19:16Yos 18:21, 28
Ʋɔn. 19:18Ʋɔn 19:1, 2
Ʋɔn. 19:191Mo 24:32
Ʋɔn. 19:191Mo 18:5; 19:3
Ʋɔn. 19:221Mo 19:4, 5; 3Mo 20:13; Ro 1:27; 1Ko 6:9, 10; Yud 7
Ʋɔn. 19:241Mo 19:6-8
Ʋɔn. 19:25Ʋɔn 19:2
Ʋɔn. 19:30Ʋɔn 20:7
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
  • 24
  • 25
  • 26
  • 27
  • 28
  • 29
  • 30
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:1-30

Ʋɔnudrɔ̃lawo

19 Le ŋkeke mawo me, esi fia aɖeke menɔ Israel o+ la, Lewitɔ aɖe si nɔ Efrayim tonuto+ la ƒe nutotroewo me ɣemaɣi dze ahiã ɖetugbui aɖe si tso Betlehem+ le Yuda la. 2 Gake eƒe ahiãvi la mewɔ nuteƒe nɛ o, eye wòdzo le ŋutsua gbɔ ɖanɔ fofoa ƒe me le Betlehem le Yuda. Ðetugbuia nɔ afi ma ɣleti ene. 3 Eye srɔ̃a dze eyome be yeaɖaƒo nu nɛ wòatrɔ agbɔ va ye gbɔ; ekplɔ eƒe subɔviŋutsu kple tedzi eve ɖe asi yii. Eye ɖetugbuia kplɔe yi fofoa ƒe me. Esi ɖetugbuia fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ. 4 Eya ta toa, si nye ɖetugbui la fofo na wòtsi egbɔ ŋkeke etɔ̃; woɖua nu noa nu, eye wòtsia afi ma dɔna.

5 Le ŋkeke enea gbe, esi wofɔ ŋdi kanya la, etso be yeadzo, ke ɖetugbuia fofo gblɔ na toyɔvia be: “Ðu nane be wòado ŋusẽ wò,* emegbe miate ŋu adzo.” 6 Eya ta wobɔbɔ nɔ anyi, eye wo ame evea woɖu nu no nu; emegbe ɖetugbuia fofo gblɔ na ŋutsua be: “Meɖe kuku, tsi dɔ, eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.”* 7 Esi ŋutsu la tso be yeadzo la, toa nɔ kuku ɖem nɛ, ale wògatsi afi ma dɔ.

8 Esi wòfɔ le ŋkeke atɔ̃lia ƒe ŋdi kanya be yeadzo la, ɖetugbuia fofo gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, ɖu nane be wòado ŋusẽ wò.”* Eye woganɔ anyi va se ɖe esime fiẽsi nɔ ɖoɖom. Eye wo ame evea wonɔ nu ɖum. 9 Esi ŋutsua tso be yeadzo kple yeƒe ahiãvi kpakple yeƒe subɔvi la, toa, si nye ɖetugbuia fofo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Fiẽ ɖo vɔ. Meɖe kuku, tsi dɔ. Zã do vɔ. Tsi afi sia dɔ, eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò. Etsɔ la, miate ŋu afɔ ŋdi kanya adze mɔ ayi aƒe.”* 10 Ke ŋutsua melɔ̃ be yeagatsi adɔ ake o, eya ta edze mɔ va ɖo keke Yebus, si nye Yerusalem+ ke. Tedzitsu eve siwo wobla akpa na kple eƒe ahiãvi kpakple eƒe subɔvi la le eŋu.

11 Esi wogogo Yebus la, ɣe la yina to ɖo ge. Eya ta subɔvi la gblɔ na eƒe aƒetɔ be: “Míadze ɖe Yebusitɔwo ƒe du sia me atsi afi sia adɔ oa?” 12 Ke eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Míadze ɖe ame tutɔ siwo menye Israel-viwo o la ƒe du aɖeke me o. Ke boŋ míayi ŋgɔ aɖo Gibea.”+ 13 Eye wògblɔ na eƒe subɔvi la be: “Na míadze agbagba aɖo teƒe siawo dometɔ ɖeka; míatsi Gibea alo Rama+ adɔ.” 14 Eya ta woyi mɔzɔzɔa dzi, eye ɣe nɔ to ɖom esi wogogo Benyamin viwo ƒe du si nye Gibea.

15 Eya ta wotɔ ɖe afi ma, eye woyi Gibea be yewoatsi adɔ. Esi woge ɖe dua me la, wobɔbɔ nɔ dua ƒe ablɔ me, gake ame aɖeke mekplɔ wo yi eƒe me be woatsi adɔ o.+ 16 Mlɔeba la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ le fiẽ me. Enye Efrayim tonuto+ la me tɔ, eye wòle Gibea ɣeyiɣi aɖee nye ema; gake dua me tɔwo nye Benyamin viwo.+ 17 Esi ŋutsu tsitsia fɔ kɔ dzi kpɔ mɔzɔlaa le dua ƒe ablɔ me la, ebiae be: “Afi ka yim nèle, eye afi kae nètso?” 18 Eɖo eŋu nɛ be: “Míetso Betlehem le Yuda yina Efrayim tonutoa ƒe nutotroewo me, eye afi mae metso. Meva yi Betlehem le Yuda,+ eye metrɔ yina Yehowa ƒe aƒe la me,* gake ame aɖeke meva kplɔm be madze ye gbɔ o. 19 Gbe kple nuɖuɖu li na míaƒe tedziawo,+ eye abolo+ kple wain hã li na nye kple nyɔnu la kple míaƒe subɔvi la. Naneke mehiã mí o.” 20 Ke ŋutsu tsitsi la gblɔ be: “Ŋutifafa na wò! Makpɔ nu sia nu si hiã mi la gbɔ. Ðeko migatsi ablɔ me dɔ o.” 21 Ale wòkplɔe yi eƒe me, eye wòna nuɖuɖu tedziawo. Eye woklɔ afɔ ɖu nu no nu.

22 Ke esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokuiwo la, dua me ŋutsu yakame aɖewo va ɖe to ɖe aƒea, wonɔ ʋɔa ƒom gbagbagba nɔ gbɔgblɔm na ŋutsu tsitsi si nye aƒea tɔ be: “Kplɔ ŋutsu si va aƒewò me la do goe, ne míadɔ kplii.”+ 23 Eye aƒea tɔ do yi ɖagblɔ na wo be: “Ao, nɔvinyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Meɖe kuku gbɔnyee ŋutsu sia va dze. Migawɔ ŋukpenanu sia o. 24 Vinyenyɔnu ɖetugbui leaƒe kple ŋutsu sia ƒe ahiãvie nye esi. Makplɔ wo ado goe vɛ na mi, ne miaɖi gbɔ wo, ne nenemae miedi.*+ Ðeko migawɔ ŋukpenanu sia ɖe ŋutsu sia ŋu o.”

25 Gake ŋutsuawo gbe toɖoɖoe. Eya ta ŋutsua lé eƒe ahiãvi+ la kplɔe do goe yi na wo le xexe. Wodɔ egbɔ, eye wowɔ funyafunyae zã blibo la katã va se ɖe esime ŋu ke. Le fɔŋli la, woɖe asi le eŋu. 26 Le ŋdi kanya la, nyɔnua va dze anyi ɖe ŋutsu si ƒe aƒe me eƒe aƒetɔ le la ƒe ʋɔtru nu, eye wòtsi afi ma va se ɖe esime xexea me kɔ. 27 Esi eƒe aƒetɔ fɔ ŋdi, eye wòʋu ʋɔtruawo do go be yeayi yeƒe mɔzɔzɔa dzi la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòtsra ɖe aƒe la ƒe mɔnu, eye eƒe asiwo le kpuia dzi. 28 Eye wògblɔ nɛ be: “Tso mídzo.” Ke meɖo eŋu o. Eya ta ŋutsua kɔe ɖo tedzi la dzi, eye wòdze mɔ ɖo ta aƒe.

29 Esi wòva ɖo aƒe me la, etsɔ lãwuhɛ, eye wòfli eƒe ahiãvia ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel-to ɖe sia ɖe. 30 Ame siwo katã kpɔe la gblɔ be: “Nu sia tɔgbi medzɔ kpɔ o, eye womekpɔ eteƒe kpɔ tso gbe si gbe Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi va se ɖe egbe sia o. Mibu eŋu,* mide adaŋu,+ ne miagblɔ nu si míawɔ la na mí.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe