Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Maskil. David ƒe ha, esime Ziftɔwo va gblɔ na Saul be: “David va be ɖe mía gbɔ.”+
54 Oo Mawu, xɔ nam le wò ŋkɔ la ta,+
Eye nàtsɔ wò ŋusẽ la aʋli tanye.+
2 Oo Mawu, se nye gbedodoɖa;+
Lé to ɖe nye numenyawo ŋu.
3 Elabena ame tutɔwo tso ɖe ŋunye,
Eye ŋutasẽlawo le nye agbe yome tim.+
Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele mo na wo o.+ (Sela)
4 Kpɔ ɖa! Mawue nye nye xɔnametɔ;+
Yehowa li kple ame siwo léam ɖe te.
5 Atsɔ nye futɔwo+ ŋutɔ ƒe vɔɖivɔ̃ɖi aɖo eteƒe na wo;
Na wo nu nayi le wò nuteƒewɔwɔ ta.+
6 Masa vɔ na wò+ tso dzi me faa.
Oo Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.+
7 Elabena Mawu ɖem tso xaxawo katã me;+
Nye ŋku atsa le nye futɔwo dzi le dziɖuɖu me.+