Hiob
17 “Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibeli, nye ŋkekewo nu yi;
Yɔdo koe le lalayem.+
2 Fewuɖulawo ƒo xlãm,+
Eye nye ŋkuwo le woƒe aglãdzedzewo teƒe kpɔm.
3 Meɖe kuku, wò ŋutɔ xɔ nya ɖe nunye.
Ame kae gali ana asim ahada megbe nam?+
4 Elabena èɣla nunya ɖe woƒe dzi;+
Esia tae mèna woƒe alɔ de dzi o.
5 Ame aɖe agblɔ be yeama nu kple ye xɔlɔ̃wo,
Evɔ viawo ƒe ŋku tsi.
7 Vevesese na nye ŋku dzi tsyɔ,+
Eye nye ŋutinuwo le abe vɔvɔli ko ene.
8 Ame dzɔdzɔe ƒe mo wɔ yaa le esia ta,
Eye mawumavɔ̃la* la ƒe nuwɔna tena ɖe ame maɖifɔ la dzi.
10 Ke mi katã migayi miaƒe nyaheheawo dzi ko,
Elabena nye ya nyemekpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.+
12 Wotsɔa zã wɔa ŋkekee,
Eye wogblɔna be, ‘Kekeli megale didiƒe o, le esi viviti do ta.’
14 Mayɔ yɔdo+ be, ‘Wòe nye fofonye!’
Eye mayɔ nyéwo be, ‘Danye kple nɔvinyenyɔnu!’
15 Ekema afi ka gɔ̃e nye mɔkpɔkpɔ le?+
Ame kae ate ŋu akpɔe ne mɔkpɔkpɔ aɖe gali nam?