Psalmowo
Todzimɔ dzi Hadzidzi.
123 Wòe mewu mo dzi na,+
Wò, ame si bɔbɔ nɔ fiazi dzi le dziƒo.
2 Ale si dɔlaŋutsuwo kpɔa woƒe aƒetɔ sinu,
Eye dɔlanyɔnu kpɔa eƒe aƒenɔ sinui la,
Nenemae míele Yehowa, mía Mawu la sinu kpɔmee,+
Va se ɖe esime wòave mía nu.+
3 Ve mía nu, Oo Yehowa, ve mía nu,
Elabena wodo vlo mí ʋuu wòglo mí.+
4 Ðokuiŋudzelawo ɖe alɔme le mía ŋu ʋuu wòglo,*
Eye dadalawo ƒe vlodoame sɔ gbɔ ŋutɔ.