Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Hebritɔwo Totoɖeme HEBRITƆWO EMENYAWO ƑE TOTOÐEME 1 Mawu ƒo nu na mí to Via dzi (1-4) Vi la le ɖoƒe kɔkɔ wu mawudɔlawo (5-14) 2 Míalé to ɖe nu siwo míesena la ŋu geɖe wu (1-4) Nuwo katã bɔbɔ ɖe Yesu te (5-9) Yesu kple nɔviawo (10-18) Kplɔla Vevitɔ si dzi wotona kpɔa ɖeɖe (10) Nunɔlagã nublanuikpɔla (17) 3 Yesu lolo wu Mose (1-6) Mawue wɔ nuwo katã (4) Nuxlɔ̃ame ku ɖe xɔse ƒe amesimanɔmanɔ ŋu (7-19) “Ne miese eƒe gbe egbe la” (7, 15) 4 Afɔku si le Mawu ƒe dzudzɔ la me mayimayi me (1-10) Nuxlɔ̃ame be woayi Mawu ƒe dzudzɔ la me (11-13) Mawu ƒe nya la le agbe (12) Yesu, nunɔlagã la (14-16) 5 Yesu kɔ wu amegbetɔwo ƒe nunɔlagãwo (1-10) Nunɔlae nènye abe Melkizedek ene (6, 10) Esrɔ̃ toɖoɖo le fukpekpe me (8) Edzie woato akpɔ ɖeɖe mavɔ (9) Nuxɔxlɔ̃ le ɖeviwo ko nyenye ŋu (11-14) 6 Míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ (1-3) Ame siwo de megbe la he Vi la ɖe ati ŋu ake (4-8) Ka ɖe wò mɔkpɔkpɔa dzi (9-12) Mawu ƒe ŋugbedodo ava me godoo (13-20) Mawu ƒe ŋugbedodo kple atamkaka matrɔ gbeɖe o (17, 18) 7 Melkizedek, fia kple nunɔla tɔxɛ (1-10) Kristo ƒe nunɔlanyenye ƒe gãnyenye (11-28) Kristo ate ŋu aɖe ame bliboe (25) 8 Avɔgbadɔa nye vɔvɔli na dziƒo tɔ (1-6) Nubabla yeye tsɔtsɔ sɔ kple xoxoa (7-13) 9 Subɔsubɔdɔ kɔkɔe le kɔkɔeƒe si le anyigba dzi (1-10) Kristo ge ɖe dziƒo kple eƒe ʋu (11-28) Nubabla yeye ƒe domenɔla (15) 10 Lãwo ƒe vɔsawo maɖe vi aɖeke o (1-4) Vɔvɔlie Se la nye (1) Kristo ƒe vɔsa ɖe ɣeyiɣiawo katã nu (5-18) Mɔ yeye kple agbemɔ hena eme yiyi (19-25) Míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi o (24, 25) Nuxɔxlɔ̃ le nu vɔ̃ si woaɖo koŋ awɔ ŋu (26-31) Kakaɖedzi kple xɔse hena dzidodo (32-39) 11 Nu si xɔse fia (1, 2) Xɔse ƒe kpɔɖeŋuwo (3-40) Xɔse manɔmee la, womate ŋu adze Mawu ŋu o (6) 12 Yesu, Ame si na míaƒe xɔse de blibo (1-3) Ðaseɖilawo ƒe alilikpo gã (1) Mègabu Yehowa ƒe amehehe nu tsɛ o (4-11) Miɖe mɔ dzɔdzɔe na miaƒe afɔwo (12-17) Tete ɖe dziƒo Yerusalem ŋu (18-29) 13 Nyataƒonya, nuxlɔ̃ame kple gbedonamewo (1-25) Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o (2) Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu (4) Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la (7, 17) Mitsɔ kafukafuvɔsa na (15, 16)