Ðe Xexeame Subɔsubɔhawo Ƒe Nuwuwu Gogoa?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ
ÐE TANYA sia na nèbia nya siawoa, be: ‘Aleke wòate ŋu adzɔ nenema? Ðe xexemesubɔsubɔhawo mesẽ ŋu hekpɔ ŋusẽ le anyigba katã dzi egbea oa?’
Ẽ, togbɔ be wole kuxi gbogbo aɖewo me tom hã la, wodze nenema. Le ƒe alafa 20 lia sia me la, wotɔ gbe subɔsubɔhawo eye woklo nu le wo ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Ɣletiviŋununyalawo tsɔ woƒe didiƒekpɔmɔ̃ gãwo lé ŋku ɖe xexeame godoo ŋu, eye dzinudzidelawo tsa le yame ƒe akpa sia akpa; eye abe alesi Soviet-dzinudzidela aɖe gblɔe ene la, womekpɔ “Mawu alo mawudɔla aɖeke o.” Dzɔdzɔmeŋusẽŋununyalawo kaka nuwo hedzro wo me tsitotsito gake womeke ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖeke si na agbe dze egɔme ŋu o. Nugbagbeŋutinunyalawo kple dzidzimeŋutinunyalawo gblɔ be yewogbugbɔ asi trɔ le nu gbogbo siwo nɔ tɔtrɔm va zu agbe la ŋu, tso nugbagbevi si nye amoeba dzi vaseɖe amegbetɔ dzi, gake womekpɔe le nusiawo dometɔ aɖeke ŋu be ame aɖee wɔe o.
Gake xexemenunya kple ŋutilãmenudidi ƒe nunyafiafia mete ŋu ɖe mawusubɔsubɔ ŋuti susu ɖa le ɣletinyigba sia dzi o, eye dunyahedziɖuɖu kple xexemenunya siwo ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔse fia hã mete ŋui o. Kɔmiunist-ŋutasẽdziɖuɖu si mexɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi se o la tsɔ ƒe 70 kple edzivɔ tsi tre ɖe mawusubɔsubɔ ŋu be enye aʋatsodzixɔse kple “nusi tɔtɔa amewo ƒe susu,” woxɔ dɔ le subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo si eye woɖo asi woƒe dɔwɔnawo dzi, wokaka sɔlemexɔwo kple gbedoxɔwo alo lɔ wo me nuwo, eye wotrɔ susu na hameviwo hewu wo. Ke hã la, nuwɔna siawo meɖe mawusubɔsubɔ ƒe susu ɖa o. Esi dziɖuɖu mawo nya gbã ko la, subɔsubɔhawo gafɔ tso gbɔɖiame la me eye edze abe ŋusẽ yeye ɖo wo ŋu ene. Le tsã Kɔmiunist-dukɔwo me la, amewo ganyẽa zi yia woƒe gbedoxɔ xoxowo me, eye wodzea klo dea ta agu abe alesi wo tɔgbuiwo wɔ do ŋgɔ na wo ene.
Mawusubɔsubɔ ƒe susuwo gasẽ ŋu ɖe amewo me kokoko le xexeame ƒe akpa bubuwo. Ƒe sia ƒe la, Moslemtɔ mawusubɔsubɔ me mɔzɔla miliɔn gbogbo aɖewo tsoa anyigba dzi godoo yia Mecca-dugã la me le Saudi Arabia. Katoliko-xɔsetɔ siwo le papa la dim be yewoakpɔ eye wokpɔa mɔ be wòayra yewo la yɔa St. Peter ƒe Gbadzaƒe si le Vatican la gbagbana edziedzi. Hindutɔ miliɔn geɖe yia edzi zɔa mɔ dea teƒe kɔkɔe alafa geɖe le India-tɔsisi “kɔkɔeawo” to. Yudatɔ veviedolawo nyea zi yia Konyifaglikpo la gbɔ le Yerusalem ɖadoa gbe ɖa eye woŋlɔa woƒe gbedodoɖawo tsɔ dea do siwo le glia ŋu me gblẽnɛ ɖi.
Ẽ, edze abe womate ŋu aɖe mawusubɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le ameƒomea me o ene. Dziɖuɖumegã Edmund Burke si nye Irelandtɔ la gblɔ be: “Le amegbetɔ ƒe wɔwɔme nu la, enye lã si me wotsɔ mawusubɔsubɔ de.” Wobu akɔnta be anyigbadzitɔ 5 le 6 ɖesiaɖe me le subɔsubɔha aɖe me le mɔ aɖe nu. Le nyitsɔ laa ƒe akɔntabubu nu la, amesiwo ade biliɔn 4.9 le subɔsubɔha siwo woɖo me le xexeame, eye ame miliɔn 842 aɖewo koe menye mawusubɔlawo o.a
Le esia ta la, ɖe wòsɔ be míaxɔe ase be xexemesubɔsubɔhawo ɖo woƒe nuwuwua? Eye ne woɖo nuwuwu la, ɣekaɣie woawu enu eye alekee? Ðe subɔsubɔha aɖe asusɔa? Mina míadzro biabia siawo me le nyati eve siwo kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a ‘Amesiwo menye mawusubɔlawo o’ dometɔ aɖewoe nye: “Amesiwo gblɔ be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o, dzimaxɔsetɔwo, amesiwo meka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi o, mawusubɔsubɔ ŋu ɖikelawo, kple amesiwo melɔ̃ mawusubɔsubɔ o eye wometsɔ ɖeke le subɔsubɔha aɖeke me o.”
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
St. Peter ƒe Gbadzaƒe le Vatican City