INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 1/8 axa 32
  • Ekea Ði Gake Egale Nu Me Kum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ekea Ði Gake Egale Nu Me Kum
  • Nyɔ!—2001
Nyɔ!—2001
g01 1/8 axa 32

Ekea Ði Gake Egale Nu Me Kum

ŊUTSU aɖe si gblɔ be wode tsi ta na ye ɖe Roma Katoliko Ha me la bia le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Slovenia me be: “Taflatse miɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖem. Medi hã be manya alesi mawɔ anɔ Nyɔ! magazine xɔm edziedzi le nye aƒeme.”

Ŋutsua ɖe nu me be: “Taflatse migase nyaa gɔme nam bubui o. Mekea ɖi ŋutɔ le mawusubɔsubɔ gome, gake esi mexlẽ Nyɔ! la, ewɔ nuku nam ŋutɔ elabena metea tɔ ɖe nu dzi kura o ke boŋ eɖe nyawo me wòle tẽ ŋutɔ hefiaa nu ame.” Azɔ ehe susu yi subɔsubɔha aɖe ƒe magazine nyanyɛ aɖe dzi hegblɔ be ɖe wotsɔnɛ trɔa susu na amewo koŋ.

Ŋutsua ɖe nusita mekpe nudɔgbalẽvi si le Nyɔ! la megbe ɖo tsɔ bia Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la o ke wòtiae boŋ be ye ŋutɔ yeaŋlɔ lɛta la me. Egblɔ be: “Nyemedi be magblẽ Nyɔ! la dome o. Medi be matsɔ agbalẽ bliboa adzra ɖo!”

Nusɔsrɔ̃ 16 ye le Nukae Mawu Di tso Mía Si? si nye axa 32-gbalẽ gbadza la me. Woƒo nu tso Biblia me nufiafia veviwo ŋu le nusɔsrɔ̃ siawo me eye woɖe nyaawo tso Biblia me tsɔ fia nusi wòle be míawɔ be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Ne wò hã àdi be yeabia woaɖo agbalẽ gbadza sia ɖe wò la, ke kpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo nàzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Taflatse miɖo agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖem.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe