INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 7
  • Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Henox—Nɔnɔme Sesẽwo Mena Wòvɔ̃ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Henox Zɔ Kple Mawu le Xexe Mavɔ̃mawu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Zɔ Kple Mawu Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 7
Enok

ŊUTINYA 7

Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe

ESI amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi la, wo dometɔ geɖe wɔ nu vlowo abe Kain ene. Gake ame ɖeka aɖe ya to vovo. Eyae nye ŋutsu sia, si ŋkɔe nye Henox. Enye ŋutsu kalẽtɔ aɖe. Amesiwo katã dome wònɔ la nɔ nu vlowo wɔm, gake Henox ya yi edzi subɔ Mawu.

Ŋutsu hlɔ̃dola aɖe wu ŋutsu bubu le Enok ƒe ŋkekea me

Ènya nusitae amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la wɔ nu vlo geɖe nenema? Wò ya bu eŋu kpɔ, Amekae na Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu heɖu kutsetse, si Mawu gblɔ be womegaɖu o la? Ehẽ, mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee. Biblia yɔe be Satana. Eye ele agbagba dzem be amesiame nawɔ nu vlo.

Gbeɖeka Yehowa Mawu na Henox gblɔ nya aɖe, si ameawo medi be yewoase o la na wo. Nya lae nye be: ‘Mawu ava tsrɔ̃ ame vlowo katã gbaɖegbe.’ Ðewohĩ nya sia sese do dziku na ameawo ŋutɔ. Woadze agbagba gɔ̃ hã be yewoawu Henox. Eyata ahiã be Henox nawɔ kalẽ ŋutɔ hafi ate ŋu agblɔ nusi Mawu wɔwɔ ge la na ameawo.

Enok ŋɔli me ame gblẽku siwo le agbe blibaa nɔm

Mawu mena Henox nɔ agbe didi le ame gblẽku mawo dome o. Henox nɔ agbe ƒe 365 pɛ ko. Nukatae míegblɔ be “ƒe 365 pɛ ko”? Elabena amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la, ŋusẽ geɖe le wo ŋu, eye wonɔ agbe didi wu fifia. Vavãe, Henox ƒe viŋutsu Metusala nɔ agbe ƒe 969 sɔŋ!

Azɔ le Henox ƒe ku megbe la, ameawo vɔ̃ɖi ɖe edzi wu tsã. Biblia la gblɔ be ‘woƒe tamesusu ɖesiaɖe nye vɔ̃ ko ɖaa,’ eye ‘anyigba la dzi yɔ fũ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.’

Ènya nusiwo tae fukpekpe geɖewo nɔ anyigba dzi le ŋkeke mawo me la dometɔ ɖekaa? Eyae nye mɔ yeye aɖe, si dzi Satana to hena amewo wɔ nuvɔ̃. Míasrɔ̃ nu tso esia ŋu emegbe.

Mose I, 5:21-24, 27; 6:5; Hebritɔwo 11:5; Yuda 14, 15.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe