AKPA 2
Tso Tsiɖɔɖɔ Dzi Vaseɖe Ðeɖe tso Egipte
Ame enyi pɛ koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔ la me, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wosɔ gbɔ ɖe edzi de akpe nanewo. Azɔ le Tsiɖɔɖɔ megbe ƒe 352 la, wodzi Abraham. Míenya alesi Mawu wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzie, be wòna viŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Isak la Abraham. Emegbe la, Mawu tia Yakob tso Isak ƒe viŋutsu eveawo dome.
Ƒome gã aɖe, si nye viŋutsu 12 kple nyɔnuvi aɖewo nɔ Yakob si. Yakob ƒe vi 10 lé fu wo nɔvi suetɔ Yosef, eye wotsɔe dzra ɖe kluvinyenye me le Egipte. Emegbe Yosef trɔ zu dziɖula vevi aɖe le Egipte. Esime dɔ sesẽ aɖe to la, Yosef do nɔviawo kpɔ be yeakpɔ be wotrɔ dzime hã. Mlɔeba la, Yakob ƒe ƒome bliboa katã, si nye Israel-viwo la ʋu ɖanɔ Egipte. Abraham dzidzi megbe ƒe 290 ye esia dzɔ.
Ƒe 215, siwo dze eyome la, Israel-viwo nɔ Egipte. Le Yosef ƒe ku megbe la, wotrɔ zu kluviwo le afima. Emegbe wodzi Mose, eye Mawu wɔ eŋudɔ be wòaɖe Israel-viwo tso Egipte. Le yi katã me la, ƒe 857 ƒe ŋutinyae wokpe ɖo le Akpa EVELIA me.