INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 17 axa 46-axa 47 mm. 2
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ale Si Woɖe Mose Vidzĩ Lae
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Woɖo Dzilawo ƒe Xɔse Teƒe na Wo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mose—Ame Ŋutɔŋutɔe loo alo Glimemee?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 17 axa 46-axa 47 mm. 2
Farao vinyɔnu la fɔ Mose si nye vidzĩ eye Miriam bè nɔ ekpɔm

NUSƆSRƆ̃ 17

Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Le Egipte la, wova yɔ Yakob ƒe ƒome la be Israel-viwo. Le Yakob kple Yosef ƒe ku megbe la, Farao bubu aɖe va zu fia. Evɔ̃ be ŋusẽ va le Israel-viwo ŋu ɖom wu Egiptetɔwo. Eya ta Farao sia na Israel-viwo zu kluviwo. Ezi wo dzi be woamè anyikpewo eye woawɔ dɔ sesẽ le agblewo me. Gake zi ale si Egiptetɔwo zi Israel-viwo dzi be woawɔ dɔ sesẽ la, zi nenemae wonɔ dzidzim ɖe edzii. Esi Farao medi be woanɔ dzidzim ɖe edzi o ta la, ede se be ne Israel-vi aɖe dzi ŋutsuvi la woawui. Bu ale si gbegbe vɔvɔ̃ alé Israel-viwoe ɖa!

Israel-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yokebed dzi ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe. Esi wòdi be yeakpɔ ɖevia ta ta la, etsɔe de kusi aɖe me eye wòtsɔe yi ɖaɣla ɖe aɖawo dome le Nil-tɔsisia to. Ðevia nɔvinyɔnu Miriam tɔ ɖe teƒea lɔƒo be yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.

Farao vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me eye wòkpɔ kusia. Ekpɔ vidzĩ aɖe le kusia me eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ. Miriam biae be: ‘Mayi aɖayɔ nyɔnu aɖe si ate ŋu ana no ɖevia vɛ na wòa?’ Esi Farao vinyɔnu la lɔ̃ la, Miriam yi ɖayɔ eya ŋutɔ dadaa Yokebed vɛ. Farao vinyɔnu la gblɔ nɛ be: ‘Xɔ vidzĩ sia, na noe nam, eye maxe fe na wò.’

Mose si dzo

Esi ɖevia nɔ tsitsim la, Yokebed kplɔe yi na Farao vinyɔnu la, ame si tsɔ ŋkɔ nɛ be Mose eye wònyii abe eya ŋutɔ via ene. Mose tsi abe fiavi ene eye eƒe asi ate ŋu asu nu sia nu si wòdi la dzi hafi. Gake Mose meŋlɔ Yehowa be o. Enya nyuie be Israel-vie yenye ke menye Egiptetɔ o. Eya ta etiae be yeasubɔ Yehowa.

Esi Mose xɔ ƒe 40 la, edi be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Esi Mose kpɔ Egiptetɔ aɖe wònɔ Israel-vi aɖe si nye kluvi ƒom la, eƒo Egiptetɔ la vevie ale gbegbe be wòku. Mose ɖi ame kukua ɖe ke me. Esi Farao va se nu tso eŋu la, edi be yeawu Mose. Gake Mose si yi Midian-nyigba dzi. Eye Yehowa kpɔ eta le afi ma.

‘Le xɔse me Mose gbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o, eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la.’—Hebritɔwo 11:24, 25

Nyabiasewo: Aleke wowɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu le Egipte? Nu ka tae Mose si dzo le Egipte?

1 Mose 49:33; 2 Mose 1:1-14, 22; 2:1-15; Dɔwɔwɔwo 7:17-29; Hebritɔwo 11:23-27

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe