INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 34 axa 84-axa 85 mm. 2
  • Gideon Ðu Midiantɔwo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gideon Ðu Midiantɔwo Dzi
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Yehowa Kple Gideon Tɔe Nye Yi La!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Gideon Kple Eƒe Ame 300 La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Hamemetsitsiwo—Misrɔ̃ Gideon Ƒe Kpɔɖeŋua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Yehowa​—Mía Xɔlɔ̃ Vevitɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 34 axa 84-axa 85 mm. 2
Gideon kple eƒe amewo ku kpẽwo, gbã woƒe zewo, nyè woƒe akakatiwo eye wodo ɣli

NUSƆSRƆ̃ 34

Gideon Ðu Midiantɔwo Dzi

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel-viwo gatrɔ ɖa le Yehowa ŋu eye wosubɔ alakpamawuwo. Midiantɔwo fi Israel-viwo ƒe lãwo eye wogblẽ woƒe nukuwo dome hena ƒe adre sɔŋ. Israel-viwo bena ɖe agadowo me kple towo dzi be Midiantɔwo nagakpɔ yewo o. Woɖe kuku na Yehowa be wòaxɔ na yewo. Eya ta Yehowa dɔ eƒe dɔla aɖe ɖo ɖe ɖekakpui si ŋkɔe nye Gideon. Mawudɔla la gblɔ nɛ be: ‘Yehowa tia wò be nànye aʋawɔla sesẽ aɖe.’ Gideon biae be: ‘Aleke mawɔ axɔ na Israel-viwo? Nyemeɖi naneke o.’

Aleke Gideon awɔ anya be Yehowa tia ye? Eɖo alẽgbalẽ sue aɖe ɖe anyigba eye wògblɔ na Yehowa be: ‘Ne ŋu ke eye ahũ dza ɖe alẽgbalẽa dzi wòƒo tsi gake anyigba ya ƒu la, ekema manyae be èdi be maxɔ na Israel.’ Esi ŋu ke la, alẽgbalẽ la ƒo tsi belee gake anyigba ya ƒu! Gake Gideon gabia be ne ŋu ke la, alẽgbalẽa nagaƒo tsi o, gake anyigba ya naƒo tsi. Esi wòdzɔ nenema la, Gideon ka ɖe edzi bliboe be Yehowae tia ye. Eƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu be yewoawɔ aʋa kple Midiantɔwo.

Yehowa gblɔ na Gideon be: ‘Mana Israel-viwo naɖu aʋaa dzi. Gake esi wò aʋawɔlawo sɔ gbɔ ta la, miava susu be miawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽe na mieɖu dzi. Gblɔ na ame sia ame si le vɔvɔ̃m la be netrɔ yi aƒe me.’ Eya ta aʋawɔla 22,000 trɔ yi aƒe me eye wòsusɔ ame 10,000. Emegbe Yehowa gblɔ be: ‘Aʋawɔlawo gasɔ gbɔ kokoko. Kplɔ wo yi tɔ to eye nàgblɔ na wo be woano tsi. Na ame siwo le ŋudzɔ ɖe futɔwo ŋu esime wonɔ tsia nom la ko nasusɔ ɖe ŋuwò.’ Ame 300 koe nɔ ŋudzɔ esime wonɔ tsia nom. Yehowa gblɔ be ame ʋɛ siawoe aɖu Midiantɔwo ƒe aʋawɔla 135,000 la dzi.

Le zã ma me la, Yehowa gblɔ na Gideon be: ‘Ɣeyiɣia de azɔ be nàho ɖe Midiantɔwo ŋu!’ Gideon tsɔ kpẽwo kple ze gã siwo me akakatiwo le la na eƒe aʋawɔlawo. Egblɔ na wo be: ‘Minɔ ŋku lém ɖe ŋunye, eye miwɔ nu si tututu mawɔ.’ Gideon ku eƒe kpẽa, gbã ze si le esi la, eye wònyè eƒe akakatia hedo ɣli be: ‘Yehowa kple Gideon ƒe yie!’ Eƒe ame 300 la hã wɔe nenema. Vɔvɔ̃ ɖo Midiantɔwo eye wosi ɖo ta afi sia afi. Ale si wotɔtɔe wɔe be wowu wo nɔewo. Yehowa gakpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu woƒe futɔwo dzi ake.

Midiantɔwo ƒe aʋawɔla siwo vɔvɔ̃ ɖo

“Ale be ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.”—2 Korintotɔwo 4:7

Nyabiasewo: Mɔ ka dzie Yehowa to ɖee fia Gideon be yetiae? Nu ka tae ame 300 koe nye Gideon ƒe aʋawɔlawo?

Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:1-16, 6:36–7:25, 8:28

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe