INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 61 axa 146-axa 147 mm. 3
  • Womebɔbɔ De Ta Agu O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Womebɔbɔ De Ta Agu O
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Womade Ta Agu O
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Woƒe Xɔse Na Wote Ŋu To Dodokpɔ Sesẽ La Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Amekae Nye Wò Mawu?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • ‘Mía Mawu Ate Ŋu Aɖe Mí’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 61 axa 146-axa 147 mm. 3
Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na sikanyivi la o

NUSƆSRƆ̃ 61

Womebɔbɔ De Ta Agu O

Ɣeyiɣi aɖe le Fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea kuku tso legba gãa ŋu megbe la, ewɔ sikalegba gã aɖe. Eli legba la ɖe Dura tagba eye wòna dukɔ la ƒe ame ŋkutawo va ƒo ƒu ɖe legbaa ŋkume, Sadrak, Mesak kple Abednego hã le wo dome. Fia la ɖe gbe be: ‘Ne miese kpẽwo, saŋku kple dze nueveeawo ƒe ɖiɖi la, miabɔbɔ ade ta agu na sikalegba la! Ame si mabɔbɔ ade ta agu o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim vlavlavla la me.’ Ðe Hebrivi etɔ̃awo abɔbɔ ade ta agu na legbaa loo alo woayi edzi asubɔ Yehowa ɖeɖe koa?

Fia la ɖe gbe be woaƒo haa. Ame sia ame bɔbɔ de ta agu na legba la, gake Sadrak, Mesak kple Abednego ya mewɔe o. Ame aɖewo kpɔ wo eye wogblɔ na fiaa be: ‘Hebrivi etɔ̃ mawo gbe be yewomade ta agu na wò legba la o.’ Nebukadnezar dɔ ame woyɔ wo vɛ eye wògblɔ na wo be: ‘Mana mɔnukpɔkpɔ bubu mi be miade ta agu na legba la. Ne miegbe la, matsɔ mi aƒu gbe ɖe kpodzo la me. Mawu aɖeke mate ŋu axɔ na mi o.’ Woɖo eŋu nɛ be: ‘Mehiã be nàna mɔnukpɔkpɔ bubu mí o. Mía Mawu la ate ŋu axɔ na mí. Gake ne meɖe mí o hã la, Oo fia, míasubɔ wò legba la o.’

Nebukadnezar do dziku vevie. Egblɔ na eƒe ameawo be: ‘Mido dzo ɖe kpodzoa me wòaxɔ dzo zi gbɔ zi adre wu ale si wodonɛ!’ Eyome eɖe gbe na eƒe asrafoawo be: ‘Mibla ŋutsu siawo miatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzoa me!’ Kpodzoa xɔ dzo ale gbegbe be esi asrafoawo te ɖe eŋu la woku enumake. Hebrivi etɔ̃awo ge dze dzoa me. Gake esi Nebukadnezar do mo ɖa be yeakpɔ dzoa me ɖa la, ekpɔ ame ene le dzoa me ke menye ame etɔ̃ o, eye wonɔ zɔzɔm le dzoa me. Eƒe dzi lã kpo eye wòbia eƒe amegãwo be: ‘Menye ame etɔ̃e míetsɔ ƒu gbe ɖe dzoa me oa? Mele ame ene kpɔm eye wo dometɔ ɖeka le abe mawudɔla ene!’

Nebukadnezar te ɖe dzoa ŋu eye wòdo ɣli gblɔ be: ‘Mi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la subɔlawo, mido go!’ Esi Sadrak, Mesak kple Abednego do go le dzoa me evɔ nu vevi aɖeke mewɔ wo o la, ewɔ nuku na ame sia ame. Naneke mewɔ woƒe ŋutilã, taɖa kple awu si wodo o, dzo meʋẽ le wo ŋu gɔ̃ hã o.

Nebukadnezar gblɔ be: ‘Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu la lolo ŋutɔ. Edɔ eƒe dɔla ɖa wòva xɔ na wo. Mawu aɖeke mede woƒe Mawu la nu o.’

Àdi be yeawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me abe Hebrivi etɔ̃awo enea?

Ewɔ nuku na fia Nebukadnezar ŋutɔ esi wòkpɔ Sadrak, Mesak kple Abednego do tso kpodzoa me evɔ nu vevi mewɔ wo o

“Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.”—Mateo 4:10

Nyabiasewo: Nu kae Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomawɔ o? Mɔ ka nue Yehowa xɔ na wo le?

Daniel 3:1-30

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe