‘Anukwareɖilawo Hiã Mí’
ANUKWAREÐIÐI mebɔ le egbe xexea me o. Ke hã, nudidi vevi aɖee wònye na Kristotɔwo. Paulo ŋlɔ bena: “Míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me.” (Hebritɔwo 13:18) Nusiae Wilma si nye Yehowa Ðasefo le Faenza, Italy, di be yeawɔ.
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Resto del Carlino gblɔ be esi wòfɔ akplo aɖe si me ga gbogbo aɖe nɔ le fiasegã aɖe godo le woƒe du me la, etsɔ ga la yi na kpovitɔwo “enumake” kple susu be woatrɔe ana nua tɔ.
Esi dua dzikpɔla se nyaa la, eŋlɔ akpedanya kpui aɖe ɖo ɖe Wilma enumake. Eŋlɔ bena: “Mele Dua teƒe le akpe manyagblɔ aɖe dam na wò le nu nyui si nèwɔ ta. Míehiã ame nyuiwo kple anukwareɖilawo le míaƒe du xɔŋkɔ si nye Faenza me.”
Ne wonya nu tso míaƒe nu nyuiwɔwɔ ŋu loo alo womenyae o hã la, ele be míadze agbagba ɣesiaɣi be míaɖi anukware. Abe alesi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo aɖaŋui ene la, “míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.”—Korintotɔwo II, 8:21.