Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Mègahe Ðe Megbe le Nyanyuia Gbɔgblɔ Me O
ESI Europatɔ anyigbayeyedilawo yi ɖakpɔ Venezuela Ƒukɔme kple Maracaibo Ta la zi gbãtɔ la, wotu bexɔ suewo ɖe ƒua ta fũ ɖe tsi si megoglo o la dzi. Teƒea na woɖo ŋku Italy-du si nye Venice, afisi ameawo tso aƒewo ɖe ƒua ta la dzi. Eyata Spaingbedola anyigbayeyedilaawo tsɔ ŋkɔ na teƒea be Venezuela, si gɔmee nye “Venice Sue.”
Xɔtuɖoɖo bubu aɖe le edzi yim egbea le dukɔ dzeani sia me, eyae nye gbɔgbɔ me tɔ. Yehowa Ðasefowo le Fiaɖuƒenukua wum kutrikukutɔe le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sɔ me le afima. Gbɔgbɔmenu si ŋem wole tso eme la nye kafukafu gã aɖe na Yehowa Mawu, “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la.”—Mateo 9:37, 38.
Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe yi ɖasrã hame aɖe le Zulia-nutome le Venezuela ƒe dzieheɣedzeƒe la, Ðasefo siwo le afima wɔ ɖoɖo na wo kpakple srɔ̃a be woaɖi tsa ayi ƒukpo sue aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ si ŋkɔe nye Toas dzi. Esi wonɔ fli me nɔ tɔdziʋu si dzona ŋdi kanya yina ƒukpoa dzi lalam la, dzikpɔla mɔzɔla srɔ̃ Mery gblɔ na eƒe zɔhɛ si nye nɔvinyɔnu ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖela be yewoaƒo nu na tɔdziʋua me dɔwɔla aɖewo. Nɔvinyɔnu mɔɖela la lɔ̃ ɖe edzi.
Esi Mery te ɖe mɔ̃dzraɖola aɖe ŋu la, etsɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me fiae. Eʋu eƒe ta si nye “Ƒome si Nyea Bubu na Mawu Ðoɖo Anyi” tsɔ fiae eye ewɔ abe ɖe wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ene. Emegbe Mery ɖe nu me nɛ be woate ŋu azã agbalẽ sia atsɔ awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii le eya ŋutɔ ƒe aƒeme. Exɔ agbalẽa, eye wowɔ ɖoɖo be ame aɖe nayi egbɔ le eƒeme.
Ema megbe kpuie la, wowɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le nuto ma me. Ewɔ nuku na Mery esi wòkpɔ Senor Nava, mɔ̃dzraɖola la, kple srɔ̃a kpakple via nyɔnuvi sue eve! Mery bia srɔ̃a alesi wòkpɔ woƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ lae. Nyɔnua ƒe ŋuɖoɖo wɔ nuku ale gbegbe.
Egblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa be míesrɔ̃ nyateƒea.” Emegbe eɖe eme be: “Ðeko srɔ̃nye dzo le gbɔnye yi nyɔnu bubu gbɔ koe nye ma nèƒo nu nɛ. Enye ahatsunola hã tsã. Ne emu aha ɣeaɖewoɣi la, eƒoam, si medoa dzidzɔ na ame ʋee siwo le ƒukpoa dzi o. Eyɔa gbɔgbɔ hã tsã. Gake Biblia me sidzedze si su esi le nusɔsrɔ̃a me kpe ɖe eŋu wòwɔ tɔtrɔ gã geɖewo le eƒe agbe me. Edzudzɔ nu makɔmakɔ siwo katã wòwɔna la. Tɔtrɔ siawo wɔ dɔ ɖe edzila siwo nye Katolikotɔwo dzi ŋutɔ. Edzɔ dzi na wo be fifia enye srɔ̃ŋutsu kple vifofo ɖɔʋu.”
Senor Nava xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1996 me eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla fifia. Srɔ̃a Jenny hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1997 me. Tɔdziʋudzraɖola sia ƒe tɔtrɔ siwo wòwɔ la wɔ dɔ ɖe dua dzikpɔla dzi ale gbegbe wòbia be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ye hã. Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na nɔvinyɔnu siawo be esi yewonɔ fli me nɔ tɔdziʋua lalam ŋdi ma la, yewomegbe nyanyuia gbɔgblɔ o enye esi!
[Nɔnɔmetatawo si le axa 7]
Nu dodzidzɔnamewo do tso nyanyuia gbɔgblɔ na tɔdziʋudzraɖola aɖe me