Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Wɔnɛ be Wokafua Mawu
AMESIWO lɔ̃ Mawu dzea agbagba be yewoana gbɔgbɔmekekeli si le eƒe Nya, Biblia, me naklẽ. To mɔ sia dzi la, wowɔna ɖe Yesu ƒe sededea dzi be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Míaƒe nyagbɔgblɔwo kple agbedzadzɛnɔnɔ siaa ate ŋu ana woakafu Mawu.
Yehowa Ðasefowo dina be yewoadze Mawu ŋu to nuwɔwɔ wòasɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia nu kple agbagbadzedze me be yewoakpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me. Wowɔa esia le dukɔ siwo se meɖe mɔ ɖe woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ŋu le haɖe o me gɔ̃ hã. Le dukɔ siawo dometɔ ɖeka ƒe fiadu me la, Ðasefoawo wɔa takpekpe gãwo ƒe sia ƒe, eye amesiwo ƒe xexlẽme ade tso 6,000 va ɖo 9,000 dena. Wohayaa akpatawo le teƒe siwo xɔ vovovo le woɖea adzɔnuwo fiana le hena kpekpe siawo wɔwɔ. Abe alesi wowɔe le ƒe siwo do ŋgɔ me ene la, hafi woawɔ woƒe takpekpe gã le ƒe 1999 me la, Ðasefo alafa geɖe wɔ dɔ ŋkubiãtɔe dzra teƒea ɖo eye wode gbeɖiɖimɔ̃wo heɖo zikpui akpe geɖe.
Amewo kpɔ dzadzraɖo siawo katã. Dɔdzikpɔha si le teƒea de dzesi dɔwɔna siawo. Wokpɔe hã be togbɔ be vavalawo ƒe agbɔsɔsɔme gbogbotɔ kekeake de 15,666 hã la, nusianu zɔ nyuie eye Ðasefoawo wɔ nu ɖe ɖoɖo nu ale gbegbe. Alesi wodzra teƒea ɖo nyuie le kpekpeawo megbe hã wɔ dɔ ɖe dɔdzikpɔhaa dzi.
Dɔdzikpɔhaa ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nusiawo katã ŋu ale be woŋlɔ Ðasefoawo ƒe ŋkɔ ɖe teƒe gbãtɔ be woawoe woana mɔnukpɔkpɔe gbã be woahaya xɔa le ƒe si akplɔe ɖo me. Gake dɔdzikpɔhaa gawɔ nusi de ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã. Le July 15, 1999 dzi la, wona ŋudzedzekpɔkpɔnunana takpekpe kɔmitia. Woɖe nya siwo nye “Yehowa Ðasefowo ƒe hame” ɖe nunanaa dzi—enye nane si womekpɔ mɔ na le dukɔ si me woxe mɔ ɖe woƒe Biblia-fiafiadɔa nu le o.
Le xexeame godoo le ƒe 2000/2001 me la, míele mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖe ade Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpewo. Ne èyi la, wò ŋutɔ àte ŋu akpɔ alesi amesiwo dzea agbagba vevie be yewoawɔ ɖe nusiwo wogblɔ le Biblia me dzi la wɔa dɔ nyui siwo naa wokafua Mawu lae.