INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 10/15 axa 32
  • “Meva Nya Nusi Nɔ Fu Ðem Nam Mlɔeba!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Meva Nya Nusi Nɔ Fu Ðem Nam Mlɔeba!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 10/15 axa 32

“Meva Nya Nusi Nɔ Fu Ðem Nam Mlɔeba!”

ALEAE ŋutsu aɖe si le Tokyo se le eɖokui me esime wòxlẽ agbemeŋutinya si le December 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ me. Nyatia ƒe tanyae nye “Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O,” eye wòku ɖe amesi nye dutanyanyuigblɔla tsã ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu, amesi lé tagbɔdɔ si atikewɔlawo yɔna be blanuiléle si nu sẽ.

Tokyo ŋutsua gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na magazine sia talawo me be: “Dzesi siwo woɖɔ la sɔ kple tɔnye pɛpɛpɛ. Eyata meyi tagbɔdɔdalawo gbɔ eye meva kpɔe be blanuiléledɔ si nu sẽ le ŋunye. Ðɔkta si dom kpɔ ƒe nu ku. Egblɔ be, ‘Esesẽna na amesiwo ŋu dɔ sia le be woanya be yewole dɔ lém.’ Wokpe ɖe ŋunye mede dzesi dɔlélea hafi wòava ɖo ŋkubiã me.”

Gbetakpɔxɔ kple eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! magazinewo xexlẽ ɖea vi na ame miliɔn geɖe le xexeame godoo le mɔ vovovowo nu. Wokpɔa nufiame kple dzidzeme geɖe le nyatiawo xexlẽ me. Wotaa Gbetakpɔxɔ magazinea ɖe gbegbɔgblɔ 141 me, eye Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 86 me. Wò hã àkpɔ dzidzɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xexlẽ edziedzi me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe