INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 1/1 axa 26
  • Woɖo Eƒe Dzidodo Teƒe Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Eƒe Dzidodo Teƒe Nɛ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃nyɔnuwo—mide Bubu Deto Mia Srɔ̃wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Mawu Xɔa Nɔƒe Gbãtɔ Le Wò Ƒomea Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 1/1 axa 26

Woɖo Eƒe Dzidodo Teƒe Nɛ

Dzianukwaretɔ geɖe di be yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo nasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu bena woakpɔ dzidzɔ le agbe me. Ne ame aɖe tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu la, ame bubuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, anya to woƒe agbenyuinɔnɔ dzi wɔ akpa aɖe le amea ƒe nyametsotso nyui ma wɔwɔ me godoo. Nenemae wònɔ le Jearim, si nye nyɔnuvi ƒewuivi aɖe si le Mexico, si tsɔ lɛta si gbɔna la na le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ aɖe me, la gome:

“Medi be miakpɔ dzidzɔ kplim. Mina magblɔ nusitae na mi. Le ƒe wuienyi siwo va yi me, esime womekpɔ dzim haɖe o la, dzinyelawo srɔ̃ nyateƒea. Danye wɔ ŋgɔyiyi, eye emegbe mía kple fonye hã míewɔe. Mí katã míedoa gbe ɖa na Yehowa be fofonye hã nava nɔ agbemɔa dzi. Ƒe wuienyi va yi, eye egbea nye ŋkeke tɔxɛ aɖe na mí. Fofonye le nyɔnyrɔ xɔ ge. Meda akpe na Yehowa be mehe tsɔtsrɔ̃a vɛ hafi ŋkeke sia, si míekpɔ mɔ na ɣeyiɣi didi la, ɖo o. Yehowa, akpe na wò!”

Ðikeke mele eme o be le ƒeawo me la, gɔmeɖose si tso gbɔgbɔ me si dze le Petro I, 3:1, 2 ƒe nuxlɔ̃ame la nɔ susu me na ɖetugbivi sia ƒe ƒomea, si gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.” Eye ɖikeke mele eme o be ɖetugbivi Jearim wɔ Mose V, 5:16 me nyawo dzi: “Bu fofowò kple dawò, abe alesi Yehowa, wò Mawu, de se na wò ene.” Ðikeke mele eme o be gɔmeɖose mawo ŋudɔwɔwɔ kpakple Yehowa sinu kpɔkpɔ dzigbɔɖitɔe he yayrawo vɛ na Jearim kple eƒe ƒomea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe