INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 8/1 axa 32
  • “Míedi be Míagblɔ be, ‘Ẽ!’”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Míedi be Míagblɔ be, ‘Ẽ!’”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 8/1 axa 32

“Míedi be Míagblɔ be, ‘Ẽ!’”

YEHOWA ÐASEFOWO ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria xɔ lɛta aɖe nyitsɔ laa, si ƒe akpa aɖe xlẽ be:

“Mía viŋutsu Anderson, ku esi wòxɔ ƒe 14. Do ŋgɔ na eƒe ku la, enɔ koklotsu eve nyim. Edi be yeadzra wo ale be yeatsɔ ga la aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea wòanye nudzɔdzɔ hena xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Gake Anderson ku do ŋgɔ na koklotsu eveawo dzadzra.

“Esi mí dzilawo míedi be míawɔ eƒe didia dzi nɛ ta la, míenyi koklotsuawo eye míedzra wo. Míele ga si míekpɔ la ɖom ɖa be wòanye Anderson ƒe nudzɔdzɔ. Le ŋugbe si Yehowa do ta la, míeka ɖe edzi bliboe be, eteƒe madidi o—madidi kura o—míagakpɔ Anderson ake. Ne wòdzɔ be wòbia mí nenye be míewɔ yeƒe didia dzi na ye hã la, míedi be míagblɔ be, ‘Ẽ!’ Enye nyateƒe be menye Anderson koe míele mɔ kpɔm na be míagakpɔ o, ke boŋ ɖasefo gbogbo aɖewo siwo woafɔ ɖe tsitre hãe.”—Hebritɔwo 12:1; Yohanes 5:28, 29.

Abe alesi woɖe eme nyuie le lɛta sia me ene la, tsitretsitsi dzixɔsea nye mɔkpɔkpɔ aɖe si léa Kristotɔ vavãwo ɖe te. Dzidzɔ kae nye si ƒome miliɔn geɖewo akpɔ ne woawo hã do dzaa na woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo woƒe futɔ si nye ku xɔ le wo si la, abe Anderson ƒe ƒomea ke ene!—Korintotɔwo I, 15:24-26.

Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa si ava eme kpui le xexeme yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒe me la nye mɔkpɔkpɔ wɔnuku fakɔnamewo dometɔ ɖeka si le Mawu ƒe Nya la me. (Petro II, 3:13) Biblia gblɔ ku ɖe nusi Mawu awɔ na amewo ɣemaɣi ŋu be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe