INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 1/15 axa 32
  • “Nukae Kpe Ðe Ŋuwò?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nukae Kpe Ðe Ŋuwò?”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 1/15 axa 32

“Nukae Kpe Ðe Ŋuwò?”

NYA sia si amedzro tsitsi aɖe bia Muriel si si vi etɔ̃ le le nuɖuɖudzraƒe aɖe la wɔ moya nɛ ŋutɔ. Muriel kplɔ viawo yi ɖɔkta gbɔ hetrɔ gbɔ koe nye ema eye wònɔ megbe tsim. Ɣeyiɣi sɔgbɔ mele wo si be woayi aƒeme aɖa fiẽnu aɖu hafi ayi Kristotɔwo ƒe kpekpe o. Eyata ekplɔ ɖeviawo yi nuɖuɖudzraƒe aɖe si te ɖe wo ŋu ne woadi nane aɖu.

Esi wòsusɔ vie woaɖu nua vɔ la, ŋutsu aɖe te ɖe Muriel ŋu hegblɔ be: “Menɔ ŋku lém ɖe mia ŋu tso esime mieva afisia. Eye mekpɔ vovototo gã aɖe le viwòwo kple ɖevi siwo medoa goe zi geɖe la dome. Àkpɔ alesi ɖeviwo zãa kplɔ̃wo kple zikpuiawoe. Wodana afɔ ɖe kplɔ̃a dzi. Wonɔa zikpuiwo tutum. Gake viwòwo ya li kpoo amebubutɔe. Nukae kpe ɖe ŋuwò?”

Muriel ɖo eŋu be: “Mía kple srɔ̃nye míesrɔ̃a Biblia kple mía viawo ɣesiaɣi eye míedzea agbagba tsɔa nusiwo míesrɔ̃na la dea dɔwɔwɔ me. Yehowa Ðasefowo míenye.” Ke ŋutsua gblɔ be: “Nye ya Yudatɔ menye eye metsi agbe le Yudatɔwo tsɔtsrɔ̃ɖa ɖikaa ƒe nugbe si Nazitɔwo ɖo la me. Meɖo ŋku edzi be mekpɔ alesi wonɔ Yehowa Ðasefowo yome timee le Germany. Ɣemaɣi kura gɔ̃ hã woɖee fia be yewoto vovo na ame bubuwo. Viwòwo ƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ele be maku nu me nyuie tso míaƒe subɔsubɔha ŋu.”

Biblia nye mɔfiagbalẽ nyui aɖe ŋutɔ le vihehe me. Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu ne Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame naɖe vi na wo. Míede dzi ƒo na wò be nàwɔ ɖe amekpekpe si gbɔna la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe