INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 5/1 axa 32
  • Alesi Míazã Ŋkeke Ðesiaɖe Wòaɖe Vii

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míazã Ŋkeke Ðesiaɖe Wòaɖe Vii
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 5/1 axa 32

Alesi Míazã Ŋkeke Ðesiaɖe Wòaɖe Vii

“FIA alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mi, ne dzi nyanu naɖo mía si!” (Psalmo 90:12) Aleae Biblia ŋlɔla Mose do gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe. Nuka tututu biamee wònɔ? Ðe wòle be míado mawusosroɖagbe sia tɔgbe ɖa?

Le kpukpui 10 lia mea, Mose fa konyi le alesi amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le kpuie la ta. Le ɣebubuɣi hã, eŋlɔ Hiob ƒe nyawo be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Edze ƒã be Mose nya ɣeyiɣi kpui si amegbetɔ madeblibo tsɔ nɔa agbee la. Eyata ebu agbenɔŋkeke ɖesiaɖe be enye nu xɔasi. Le koko sia ƒoƒo na Mawu me la, Mose ɖe alesi wòdi vevie be yeazã yeƒe ŋkeke mamlɛwo nunyatɔe le mɔ si adze ye Wɔla la ŋu fia. Ðe mele be míawo hã míadi be míanɔ míaƒe gbesiagbe gbe la wòaɖɔ ʋu oa? Míadze agbagba awɔ esia ne míedi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu fifia.

Nu bubu aɖe hãe ʋã Mose kple Hiob siaa, si wòle be wòaʋã míawo hã. Mawumeme eve siawo kpɔ mɔ na etsɔme teƒeɖoɖo aɖe—si nye agbenɔnɔ le anyigba dzi le nɔnɔme siwo anyo wu me. (Hiob 14:14, 15; Hebritɔwo 11:26 ) Ɣemaɣi la, ku mana ame aɖeke ƒe dɔ nyuiwo natsi akpo dzi o. Mía Wɔla ɖo tame be nuteƒewɔlawo anɔ paradisonyigba dzi tegbee. (Yesaya 65:21-24; Nyaɖeɖefia 21: 3, 4) Wò hã ate ŋu akpɔ mɔ na esia ne ‘èxlẽ wò ŋkekewo le mɔ si ana dzi nyanu nasu asiwò la nu.’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe