“Galilea Bliboa ƒe Atsyɔ̃”
DU AÐE li, si didi kilometa ade kple afã ko tso Nazaret, afisi Yesu tsi ɖo, ƒe dzieheɣetoɖoƒe, gake Nyanyuigbalẽawo meyɔ eŋkɔ o. Ke hã, ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Yudatɔ Flavius Josephus kafu du ma be enye “Galilea bliboa ƒe atsyɔ̃.” Du mae nye Sepphoris. Nukae míenya tso du sia ŋu?
Le Herodes Gãtɔ ƒe ku, ɖewohĩ le ƒe 1 D.M.Ŋ., megbe la, Sepphoris tɔwo dze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu, si na wotsrɔ̃ woƒe dua. Herodes tsɔ Galilea kple Perea na via Antipa, eye Antipa tiae be yeatso yeƒe fiadu ɖe afisi Sepphoris-dua nɔ tsã. Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe atsyã ye wotsɔ tso dua, gake Yudatɔwo koŋue nɔ dua me. Le Nufialagã Richard A. Batey ƒe nya nu la, dua va zu “afisi koŋ Galilea kple Perea dziɖulawo nɔ” vaseɖe esime Antipa va tso Tiberia-dua le ƒe 21 M.Ŋ. me be wòanye fiadua ɖe Sepphoris teƒe. Yesu nɔ nuto ma me lɔƒo ɣemaɣi.
Nufialagã James Strange, si nye tomenukula si ku afisi Sepphoris dua nɔ, la gblɔ be nudzraɖoƒewo, gadzraɖoƒe aɖe, aʋawɔnuwo dzraɖoƒe aɖe, dziɖuɖu dɔwɔƒe xɔwo, kple asi siwo me wodzraa anyinuwo, ahuhɔ̃enuwo, ganuwo, sikanuwo, kple nuɖuɖu ƒomevi vovovowo le la nɔ anyi. Avɔlɔ̃lawo kple avɔdzralawo nɔ anyi, eye fiase siwo me wodzraa kusiwo, xɔmenuwo, ami ʋeʋĩwo, kple nu mawo tɔgbewo le hã nɔ anyi. Wosusui be dua me nɔlawo ƒe xexlẽme anɔ ame 8,000 kple 12,000 dome.
Ðe Yesu de dugã sia, si gbɔ didi tso Nazaret abe gaƒoƒo ɖeka ƒe azɔli ene, la me kpɔa? Nyanyuigbalẽawo meɖo nya sia ŋu o. Gake The Anchor Bible Dictionary gblɔ be, “mɔ aɖe tso Nazaret, va to Sepphoris, yi Kana si le Galilea nutoa me.” (Yohanes 2:1; 4:46) Woate ŋu anɔ Nazaret akpɔ to siwo le Sepphoris, elabena wokɔkɔ meta 120 kloe tso balia me. Ame aɖewo xɔe se be esi Yesu gblɔ le kpɔɖeŋu aɖe me be “du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o” la, ɖewohĩ Sepphoris-dua wòwɔnɛ.—Mateo 5:14.
Le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me megbe la, Sepphoris va zu Yudatɔwo ƒe du vevitɔ le Galilea eye emegbe eva zu afisi koŋ Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, la nɔ. Yudatɔwo ƒe suku kɔkɔ aɖewo hã nɔ afima ɣeaɖeɣi.
[Map/Picture on page 32]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Galilea-ƒu
GALILEA
Kana
Tiberia
SEPPHORIS
Nazaret
PEREA
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
Anyinuwo: Excavated by Wohl Archaeological Museum, Herodian Quarter, Jewish Quarter. Owned by Company for the Reconstruction of the Jewish Quarter in the Old City of Jerusalem, Ltd