INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 7/1 axa 31
  • Eƒe Xɔse Doa Ŋusẽ Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eƒe Xɔse Doa Ŋusẽ Amewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eke Ðe Nusi Dim Wòle Ɣeyiɣi Didi la Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 7/1 axa 31

Eƒe Xɔse Doa Ŋusẽ Amewo

ESI wodzi Silvia le December 1992 me la, edze abe nyɔnuvi si ƒe lãme sẽ nyuie ene. Gake esi Silvia xɔ ƒe eve la, wokpɔe be dɔléle aɖe si womete ŋu dana o le eŋu. Dɔlélea awɔe be vivivi la, magate ŋu anɔ gbɔgbɔm nyuie o, eye eƒe dɔgbo hã mate ŋu atu nusiwo wòɖuna la nyuie o. Be Silvia nanɔ te ɖe eƒe dɔlélea nu la, emina atikekui 36 gbesiagbe, egbɔa atike aɖewo ɖe ŋɔti me, eye wohea lãme nɛ hã. Esi wònye eƒe dzitodzito mewɔa dɔ nyuie o ta la, ɔksidzin-yago si kpena ɖe eŋu wògbɔna nyuie la nɔa eŋu, ne edo go kura gɔ̃ hã.

Dadaa Teresa gblɔ be: “Alesi Silvia te ŋu nɔa te ɖe eƒe dɔlélea nui la wɔa nuku ŋutɔ. Esi wònya Ŋɔŋlɔawo nyuie ta la, xɔse sesẽ le esi. Xɔse sia kpena ɖe eŋu wònɔa te ɖe nuxaxa kple vevesese nu. Eɖoa ŋkui ɣesiaɣi be Yehowa do xexeme yeye ŋugbe, afisi dɔnɔwo katã ahaya le.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ne dzi ɖe le ƒomea ƒo ɣeaɖewoɣi la, Silvia ƒe nukomo si ɖea kakaɖedzi si le esi fia la naa dzi ɖoa wo ƒo. Egblɔna na dzilaawo kple nɔviaŋutsu be: “Ne míeva ɖo xexe yeyea me ko la, míaƒe fukpekpewo katã nu ayi.”

Silvia ɖea gbeƒã Mawu ƒe Nya la me nyanyuia na amewo edziedzi, eye amesiwo wòƒoa nu na la kpɔnɛ be enye dzidzɔme. Kristo-hame si me wòle le Canary Ƒukpowo dzi la me tɔwo kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe nyaŋuɖoɖowo kple gome kpɔkpɔ le kpekpeawo me ŋu. Eye le kpekpe ɖesiaɖe megbe la, Silvia lalana vie ɖoa dze kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo. Alesi wòdoa vivi ɖe ame ŋui kple alesi wòkpɔa dzidzɔe la na hamea me tɔwo katã lɔ̃a eƒe nya gbɔ.

Fofoa Antonio gblɔ be: “Silvia fia nu vevi aɖe mí. Ne kuxiwo gali hã la, nunanae agbe si míele la nye tso Mawu gbɔ, eye ele be míade asixɔxɔ eŋu.” Abe Silvia ene la, Mawu subɔlawo katã—tsitsiawo kple ɖeviawo siaa—le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Silvia le mawunyakpukpui aɖe xlẽm na ame aɖe esime dadaa lé ɔksidzin-yagoa ɖe asi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe