Ɣedzeƒe Asia Tɔ Aɖe Va Do Ðe Blema Italy
ALEKE wòdzɔe be ƒe 2,000 ye nye esi va yi la, Ɣedzeƒe Asia tɔ aɖe va tsi blema Roma nyigba dzi? Biabia sia ɖu ta na blemaduwo nɔƒe kulawo esi woke ɖe nu wɔnuku aɖe ŋu le anyiehe Italy le ƒe 2009 me.
Blema Romatɔwo ƒe ameɖibɔ aɖe si le Vagnari, si nye nuto si didi tso Bari gbɔ kilometa 60 le ɣetoɖoƒe gome la mee woke ɖe nu sia ŋu le. Woke ɖe ame kuku 75 ƒe ƒuwo ŋu le to me le afi ma. Numekuku siwo wowɔ tso ƒuawo ŋu la ɖee fia be ameawo dometɔ akpa gãtɔ nye nuto siwo te ɖe afi ma ŋu me vidzidziwo. Gake nu siwo ŋu numekulaawo ke ɖo le ame kukuawo dometɔ ɖeka ƒe ƒu ŋu la wɔ nuku na wo. Numekuku si wowɔ tso eƒe nɔgome domenyiŋusẽfianu ŋu la ɖee fia be dadaa tɔgbiwo tso Ɣedzeƒe Asia nutowo me.a Ƒuawo ɖee fia be ƒe alafa gbãtɔ alo evelia M.Ŋ. me kee ame sia ku. Nyatakaka aɖe gblɔ tso eŋu be: “Edze ƒãa be esiae nye zi gbãtɔ si woke ɖe Ɣedzeƒe Asia tɔ aɖe ƒe ƒu ŋu le Roma Fiaɖuƒea me.” Ke ame kae ŋutsu ma nye?
Nyatakaka ma ke gblɔ be: “Gbã la, edze abe sedasitsatsa si yi edzi le China kple Roma dome le blema la gbɔe wòanya tso be ŋutsu ma va do ɖe afi ma.” Ke hã, nu si míenyae nye be ƒlekaƒlesitsala siwo nɔ du vovovowo me dzie Chinatɔwo kple Romatɔwo tsa sedasi sia toe, si wɔe be ame aɖeke mezɔ kilometa 8,000 sɔŋ ƒe mɔ tso China yi Italy le sedasitsatsa ta kpɔ o.
Nu bubu ka dzie afi si woke ɖe ƒu siawo ŋu le la ate ŋu ahe míaƒe susu ayi? Le blemaɣeyiɣiwo me la, Vagnari nye nuto si dzi Roma fiagã la kpɔ ŋusẽ ɖo bliboe, afi si wònana dɔwɔla geɖewo lóloa gayibɔ le hemea xɔgbakpewo hã. Ame siwo wɔa dɔ le afi ma la dometɔ geɖe nye kluviwo, eye anɔ eme be kluvi mawo dometɔ ɖekae Ɣedzeƒe Asia tɔ ma hã nye. Ale si woɖii hã ɖee fia be menye kesinɔtɔe wònye o. Zevi ɖekɛ si woɖi kpe ɖe eŋu la koe nye nunɔamesi siwo katã nɔ esi le eƒe kuɣi, eye wogava ɖi ame kuku bubu hã ɖe edzi emegbe.
Nu ka tae míatsɔ ɖe le nu sia si ŋu woke ɖo la me? Teƒe didi siwo gbegbe amewo te ŋu zɔ mɔ yi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me dzie Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke le ɣeyiɣi mawo me nɔ te ɖo. Biblia ka nya ta be le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, amedzro siwo ɖi tsa va Yerusalem hese nya nyuia la yi ɖakakae le teƒe didiwo. (Dɔwɔwɔwo 2:1-12, 37-41) Eya ta ƒu siawo siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe edzi be le ɣeyiɣi mawo lɔƒo me la, amewo te ŋu zɔ mɔ tso Ɣedzeƒe Asia yi Mediterranea nutowo me.b
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nɔgome domenyiŋusẽfianu ŋuti numekuku mete ŋu fiaa ame fofo tɔgbiwo dzɔtsoƒe o.
b Kpeɖodziwo fia be Ɣetoɖoƒetɔ aɖewo hã zɔ mɔ yi Ɣedzeƒe Asia le ɣeyiɣi mawo me. Kpɔ nyati si nye, “Ðe Nya Nyui Gblɔlawo Ðo Keke Ɣedzeƒenutowo Me Kea?” si dze le January 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
[Anyigbatata si le axa 29]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
ROMA
Vagnari
Mediterranean Ƒua
ƔEDZEƑE ASIA
PASIFIK ƑU GÃ GBANAA LA
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ɣedzeƒe Asia tɔ aɖe ƒe ƒu siwo ŋu woke ɖo le blema Romatɔwo ƒe ameɖibɔ me
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Su concessione del Ministero per i Beni e le Attività Culturali - Direzione Regionale per i Beni Culturali e Paesaggistici della Puglia - Soprintendenza per i Beni Archeologici della Puglia