INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/15 axa 11
  • Agbagbadzedzea Manye Dzodzro O!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedzea Manye Dzodzro O!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • ‘Gbe Alakpagliwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Ale Si Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/15 axa 11

Agbagbadzedzea Manye Dzodzro O!

ƑOMETADEDEAGU wɔwɔ kpakple Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖeviwo le vevie ŋutɔ be ‘woahe wo le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.’ (Ef. 6:4) Gake ne dzilae nènye la, ènyae be nu ɖeka tɔgbi wɔwɔ tea ŋu tia ɖeviwo bɔbɔe. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàna woƒe susu nanɔ nu ŋu? Bu nu si dzila aɖewo wɔ ŋu kpɔ.

George si le California, U.S.A., gblɔ be: “Esime ɖeviawo nɔ sue la, mía kple srɔ̃nye míedzea agbagba be ƒome Biblia nusɔsrɔ̃a navivi. Ɣeaɖewoɣi la, mí katã míedoa awu abe Biblia me mewo ene, eye ne míele ŋutinya aɖe xlẽm le Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me la, míewɔa eƒe wɔwɔfia. Míekpa fefewɔnuwo gɔ̃ hã—yiwo, fiatikplɔwo, kusiwo, kple esiawo tɔgbi. Míewɔa fefe aɖe hã si me mía dometɔ aɖe atiae le susu me be yenye Biblia me me aɖe, eye ame susɔeawo anɔ nya vovovowo biamee wòanɔ wo ŋu ɖom ʋuu va se ɖe esime woanya ame si wòtia be yenye, kple fefe bubu aɖe si me míezãa biabia siwo ku ɖe Biblia ŋu, siwo míeŋlɔ ɖe agbalẽviwo dzi le. Míewɔa ɖoɖo be mí katã míawɔ nanewo, abe Noa ƒe aɖakaʋu sue aɖe kpakpa ene, alo be míaɖo ɣeyiɣi si me Biblia me ŋutinya aɖewo dzɔ la ɖe ɖoɖo nu. Ɣeaɖewoɣi la, míetaa Biblia me mewo alo nu siwo dzɔ le ŋutinya aɖewo me la ɖe agbalẽ dzi. Fifia la, míele ɖoɖo wɔm be míata gbɔgbɔmeʋawɔnu si ŋu woƒo nu tsoe le Efesotɔwo 6:11-17 la, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe aɖe nu si aʋawɔnua ƒe akpa aɖe koŋ le tsitre ɖi na la me. Mɔnu siawo kpe ɖe mía ŋu míese vivi na míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a.”

Debi, si nye vidada aɖe le Michigan, U.S.A., la gblɔ be: “Esime mía vinyɔnua xɔ abe ƒe etɔ̃ ene la, esesẽ na mía kple srɔ̃nye ŋutɔ be míaɖo eƒe dzi gbɔ. Gake gbe ɖeka, esi míenɔ Isak kple Rebeka ƒe ŋutinya xlẽm le Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me la, kasia, metsɔ amevi wɔwɔe eve aɖewo eye menɔ wo tem henɔ nyawo gblɔm abe ameviawoe le nua ƒom ene. Esi mewɔe alea la, eva nɔ to ɖom nya ɖe sia ɖe azɔ! Eye míezã amevi wɔwɔe siawo le Biblia ŋutinya bubu geɖewo me le ɣleti siwo kplɔe ɖo me. Ne míexlẽ ŋutinya aɖe vɔ la, mía vinyɔnuvia yina ɖadia fefenuwo alo nu bubu siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ le ŋutinyaa me la. Ðeko wònɔ abe ale si amewo ƒe ŋku biãna ɖe kesinɔnudidi ŋu ene! Míetea ŋu tsɔa afɔkpago aɖe kple ka dzĩ tsia tsitre ɖi na Raxab ƒe aƒea kple ka dzĩ si nɔ eŋu la. Míetea ŋu tsɔa da wɔwɔe aɖe, si ƒe didime anɔ abe meta ɖeka kple afã ene, trɔna ɖe ati ŋu abe akɔblida si le 4 Mose 21:4-9 ene. Míeƒo nu siwo katã míezãna le fefeawo me la nu ƒu ɖe akplo gã aɖe me. Zi geɖe la, mía vinyɔnuvia nɔa anyi ɖe akpata me (alo asadzi) henɔa eƒe ‘Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe akploa’ me tsam ŋkubiãtɔe; esia teƒe kpɔkpɔ doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Eye dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míekpɔ eya ŋutɔ tsɔ ŋutinyawo le fefemee!”

Ðeviwo hehe mele bɔbɔe o, eye ebia agbagbadzedze geɖe wu nusɔsrɔ̃ kpli wo zi ɖeka le kwasiɖa me hafi woate ŋu aƒã didia ɖe wo me be woasubɔ Yehowa. Gake ƒometadedeagu kple Biblia nusɔsrɔ̃ ate ŋu anye mɔ aɖe si dzi woato afia gbɔgbɔmenu bubuwo woamawo. Ðikeke aɖeke mele eme o be, agbagbadzedzea manye dzodzro o!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe