Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba?
Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba?
Anyigbae Mawu wɔ be wòanye amegbetɔwo nɔƒe. Esi wòwɔ dziƒodɔlawo be woanɔ dziƒo vɔ megbe la, ewɔ amegbetɔwo be woase vivi le anyigba dzi. (Hiob 38:4, 7) Yehowa da ame gbãtɔ ɖe paradiso nyui aɖe si woyɔ be Eden la me, eye wòɖoe be eya kple vi siwo wòava dzi la nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—1 Mose 2:15-17; xlẽ Psalmo 115:16.
Anyigba ƒe akpa sue aɖe koe Eden bɔa nɔ. Enɔ na atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, be woadzi viwo. Azɔ ne ameƒomea le dzidzim ɖe edzi la, enɔ na wo be woaŋlɔ anyigba, akpɔ edzi ahatrɔe wòazu paradiso. (1 Mose 1:28) Womatsrɔ̃ anyigbaa akpɔ gbeɖe o.—Xlẽ Psalmo 104:5.
2. Nu ka tae anyigba menye paradiso fifia o?
Adam kple Xawa meɖo to Mawu o, eya ta enyã wo le Eden bɔa me. Paradiso me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ge le amegbetɔwo si, eye ame aɖeke megate ŋu ɖoe anyi o. Biblia gblɔ be: “Wotsɔ anyigba de asi na nu vlo wɔlawo.”—Hiob 9:24; xlẽ 1 Mose 3:23, 24.
Yehowa meŋlɔ eƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigbaa be o, eye Mawu mate ŋu ado kpo nu hã o. (Yesaya 45:18) Agana nuwo nanɔ na amegbetɔƒomea abe ale si wòɖoe be wòanɔ hafi la ene.—Xlẽ Psalmo 37:11.
3. Nu kae Mawu awɔ atsɔ ahe ŋutifafa ava anyigba dzi?
Hafi amegbetɔwo nanɔ ŋutifafa me la, ele be woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzi gbã. Le Harmagedon ʋaa me la, mawudɔlawo atsrɔ̃ ame siwo katã tsi tre ɖe Mawu ŋu. Woatu Satana ɖe aʋli me ƒe 1,000, gake ame siwo lɔ̃ Mawu la atsi agbe ahase vivi le nuɖoanyi yeye me le anyigba dzi.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 20:1-3; 21:3, 4.
4. Ɣekaɣie fukpekpewo nu ayi?
Le ƒe 1,000 ma me la, Yesu anɔ dziƒo aɖu fia ɖe anyigba dzi, eye wòatrɔe wòazu paradiso. Azɔ hã, aɖe ame siwo lɔ̃ Mawu la ƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ekema Yesu aɖe dɔléle, amegãkuku, kple ku ɖa.—Xlẽ Yesaya 11:9; 25:8; 33:24; 35:1.
Ɣekaɣie Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi? Yesu na “dzesi” si ana amewo nanya be nuwuwua gogo. Ale si xexea ƒe nɔnɔmewo le fifia nye kpeɖodzi be míele “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la me.—Xlẽ Mateo 24:3, 7-14, 21, 22; 2 Timoteo 3:1-5.
5. Ame kawoe anɔ Paradisoa me le etsɔme?
Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, eye woafia wo Mawu ƒe mɔwo, siwo nye lɔlɔ̃ la. (Mateo 28:19, 20) Le xexea me godoo la, Yehowa le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be woava nɔ agbe le nuɖoanyi yeye me le anyigba dzi. (Zefaniya 2:3) Le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me la, amewo srɔ̃a ale si woanye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyuiwo, kpakple ale si woanye srɔ̃nyɔnu kple vidada nyuiwo. Ðeviwo kple wo dzilawo siaa srɔ̃a nu tso nu siwo naa kpeɖodzi mí be etsɔme nyui aɖe li la ŋu.—Xlẽ Mixa 4:1-4.
Le Fiaɖuƒe Akpataa me la, àdo go ame siwo lɔ̃ Mawu, siwo di be yewoanɔ nu si dzea eŋu la wɔm.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.
Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.