Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Gehena Nye Afi Si Wowɔa Funyafunya Amewo Le Le Dzo Mea?
▪ Le Nya Nyui Gbalẽawo me la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso Gehena ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Edze kɔtɛ be Yesu di be woabu nuxlɔ̃ame ma ŋkubiãnyae. Gake fukpekpe le dzo mavɔ me ŋue wònɔ nu ƒom tsoea?—Mateo 5:22.
Gbã la, nu kae nya sia fia? Helagbe me nya Geʹen·na la kee nye Hebrigbe me nya geh Hin·nomʹ, si gɔmee nye “Hinom bali,” alo le nyayɔyɔ bliboa nu la, geh veneh-Hin·nomʹ, si gɔmee nye “Hinom viwo ƒe bali.” (Yosua 15:8; 2 Fiawo 23:10) Teƒe aɖee wònye le Yerusalem ƒe anyiehe kple anyieheɣetoɖoƒe gome, si woyɔna egbea be Wadi er-Rababi, eye wònye bali globo aɖe si mekeke o.
Le Yuda fiawo ŋɔli, tso ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, trɔ̃subɔlawo wɔa woƒe kɔnuwo le teƒe sia, si ƒe ɖee nye dzotɔtɔ wo viwo atsɔ saa vɔe. (2 Kronika 28:1-3; 33:1-6) Nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ ɖi be bali sia ke mee Yudatɔwo atsi Babilontɔwo ƒe yi nu le, wòanye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woamawo ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.a—Yeremiya 7:30-33; 19:6, 7.
Le Yudatɔwo ƒe agbalẽnyala David Kimhi (nɔ agbe tso ƒe 1160 va se ɖe 1235 M.Ŋ. lɔƒo) ƒe nya nu la, bali sia va nye teƒe si wotsɔa Yerusalem ƒe gbeɖuɖɔ ƒua gbe ɖo. Wodoa dzo ɖe teƒe sia wònyea afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔ le. Nu sia nu si woatsɔ aƒu gbe ɖe teƒe sia la atsrɔ̃ keŋkeŋ, azu afi.
Biblia gɔmeɖela geɖe mewɔ nu ɖe eteƒe o esi woɖe Geʹen·na gɔme wòfia afi si wowɔa fu amewo le tegbee. (Mateo 5:22) Nu ka tae? Elabena wotsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse si nye be wohea to na ame vɔ̃ɖiwo le dzo me le ku megbe la sɔ kple ale si dzo fiãa nu le balia me le Yerusalem godo. Gake Yesu megblɔ kpɔ be Gehena nye afi si wowɔa funyafunya ame le o.
Yesu nyae be dzotɔtɔ ame agbagbee nye ŋunyɔnu si mevaa ta me na ye Fofo si le dziƒo, Yehowa, o. Mawu gblɔ tso nu si nɔ edzi yim le Gehena le nyagblɔɖila Yeremiya ŋɔli la ŋu ale: ‘Wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo, nu si ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye ta me va ge o.’ (Yeremiya 7:31) Gawu la, dzixɔse si nye be wowɔa fu ame kukuwo la mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe amenyenye si nye lɔlɔ̃ o, eye mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia si me kɔ be “kukuawo menya naneke o” la hã o.—Nyagblɔla 9:5, 10.
Yesu zã nya “Gehena” wònye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ gbidii si Mawu atsɔ ahe to na amewoe. Eya ta gɔmesese si le “Gehena” ŋu la wɔ ɖeka kple “dzota,” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Nya evea siaa le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ ɖikaa, eye womagate ŋu afɔ ame si wotsrɔ̃ alea la azɔ o.—Luka 12:4, 5; Nyaɖeɖefia 20:14, 15.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ tso nyagblɔɖi sia ŋu be: “Le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ me la, dua me tɔ siwo woawu la asɔ gbɔ ale gbegbe be woatsɔ woƒe kukuawo aƒu gbe ɖe balia me, womaɖi wo o, woanyunyɔ alo woatɔ dzo wo.”