INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/15 axa 16-17
  • Ðe Kposɔwo Nɔ Abraham Si Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Kposɔwo Nɔ Abraham Si Ŋutɔŋutɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Isak Kpɔ Nyɔnu Nyui Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Srɔ̃ Didi na Isak
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • “Ɛ̃, Mayi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/15 axa 16-17

Ðe Kposɔwo Nɔ Abraham Si Ŋutɔŋutɔa?

BIBLIA gblɔ be, kposɔwo nɔ aƒemelã siwo Farao tsɔ na Abraham la dome. (1 Mose 12:16) Esi Abraham ƒe dɔla zɔ mɔ legbee aɖe yi ɖe Mesopotamia la, etsɔ “kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome.” Eya ta Biblia la gblɔe eme kɔ ƒãa be kposɔwo nɔ Abraham si le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze.—1 Mose 24:10.

Ame aɖewo melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe ka nya ta be: “Agbalẽnyalawo he nya be kposɔ siwo woyɔ le afi sia la mesɔ ɖe ŋutinya nu o, elabena wo dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be ƒe 1200 D.M.Ŋ. me lɔƒo hafi ame geɖe va te lã siawo nyinyi; esia nye ɣeyiɣi didi aɖe le Abraham ƒe ŋkekea megbe.” (New International Version Archaeological Study Bible) Eya ta woate ŋu abu afi ɖe sia ɖe si woyɔ kposɔ ŋkɔ le le Biblia me le ŋutinya aɖe si dzɔ do ŋgɔ na ƒe ma be mesɔ ɖe ŋutinya ƒe akɔntabubu nu o, alo enye ɣeyiɣiwo ŋuti kɔntabubu si mesɔ o.

Ke hã agbalẽnyala bubuwo gblɔna be, togbɔ be tso ƒe akpe evelia ƒe nuwuwu lɔƒoe kposɔwo nyinyi va zu dɔwɔna vevi aɖe hã la, esia mefia be womezã kposɔwo do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa la ɖee fia be wote kposɔwo nyinyi le Arabia ƒe anyieheɣedzeƒe le ƒe akpe etɔ̃lia [D.M.Ŋ.] me lɔƒo. Le gɔmedzedzea me la, edze abe woƒe notsi, fu, ŋutigbalẽ, kple woƒe lã tae wonyia wo ɖo ene, gake eteƒe medidi hafi wova te wo zazã abe agbatsɔlãwo ene o.” (Civilizations of the Ancient Near East) Edze abe ƒu kakɛwo kple blema tomenu siwo ŋu woke ɖo ƒe akɔntabubu de sɔsɔ ge kple akɔntabubu si ŋu numekugbalẽ sia ƒo nu tsoe, si do ŋgɔ na Abraham ƒe ɣeyiɣia ene.

Kpeɖodzi siwo woŋlɔ ɖi hã li. Numekugbalẽ ma ke gblɔ be: “Le Mesopotamia la, woyɔ lã la [kposɔ la] ɖe nuŋɔŋlɔ si woyɔna be cuneiform la me, eye wota kposɔwo ɖe nutrenu geɖe dzi, si le eɖem fia be anye ƒe akpe evelia ƒe gɔmedzedze lɔƒoe wote kposɔwo zazã le Mesopotamia,” si nye Abraham ƒe ɣeyiɣia me lɔƒo.

Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be Anyiehe Arabiatɔ siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe lifisitsatsa me la zãa kposɔwo tsɔ lɔa woƒe agbawo toa gbedadaƒo ɖoa ta dziehe gome yina Egipte kple Siria nutowo me, eye woto esia dzi na ame siwo le nuto mawo me va nya kposɔwo. Anye keke ƒe 2000 D.M.Ŋ. me kee lifisitsatsa sia bɔ. Dzidzɔtɔe la, 1 Mose 37:25-28 ƒo nu tso Ismaeltɔ asitsala siwo doa lifigbawo na kposɔwo vaa Egipte ƒe alafa ɖeka le Abraham ƒe ɣeyiɣia megbe lɔƒo ŋu.

Ðewohĩ kposɔwo zazã mebɔ le blema Titina Ɣedzeƒe Nutowo me le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze o, gake edze abe kpeɖodziwo li be mefia be womenya kposɔwo kura le nuto mawo me o ene. Eya ta numekugbalẽ si nye The International Standard Bible Encyclopedia ƒo nya ta be: “Esi wònye be tomenukuku ƒe kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo ɖee fia be amewo nyia kposɔwo do ŋgɔ na blemafofowo ƒe ɣeyiɣia ta la, megahĩa be woabu kposɔ siwo ŋu nya wogblɔ le blemafofoawo ƒe ɣeyiɣiwo me la be mele eteƒe o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe