Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Mawu Dea Asixɔxɔ Ameƒomevi Aɖewo Ŋu Wu Bubuwoa?
▪ Ao, mewɔa nu nenema o. Biblia gblɔe kɔtɛ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
Mawu ƒe susu le nya sia ŋu kɔ boo wu amegbetɔ madeblibowo tɔ. Ame geɖe xɔe se be ame ƒomevi aɖewo (zi geɖe la, enyea woawo ŋutɔwo tɔ) kɔ wu ame ƒomevi bubuawo. Susu sia wɔ ɖeka kple Charles Darwin tɔ, ame si ŋlɔ bena: “Kakaɖedzi li be ɣeaɖeɣi le etsɔme la, . . . ame ƒomevi siwo de ŋgɔ la ava tsrɔ̃ esiwo mede ŋgɔ o la ɖa ahaxɔ ɖe wo teƒe.” Nublanuitɔe la, ame siwo bua wo ɖokui be yewokɔ wu la sẽ ŋuta le ame ƒomevi bubuwo ŋu.
Ðe kpeɖodzi aɖe le nukpɔsusu si nye be ame ƒomevi aɖewo de ŋgɔ wu bubuwo la ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe edzi be le dzɔdzɔme nu la, ame ƒomevi aɖewo kɔ wu bubuwoa? Ao, ke boŋ dzɔdzɔmeŋutinunyala Bryan Sykes, si nye nufialagã le Oxford gblɔ be: “Naneke mele míaƒe wɔwɔme ŋu si dzi woanɔ te ɖo agblɔ be to aɖe alo ame ƒomevi aɖewo nyo wu o. . . . Ame geɖe bianam be ɖe Helatɔwo ƒe domenyiŋusẽfianu le vovo na Italytɔwo tɔa, gake ŋuɖoɖoa koe nye ao. . . . Míaƒe wɔwɔme le ɖeka.”
Nya sia wɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ. Biblia gblɔ be atsu kple asi ɖekae Mawu wɔ, eye woawo mee ameƒomea katã dzɔ tso. (1 Mose 3:20; Dɔwɔwɔwo 17:26) Le Mawu gbɔ la, ame ƒomevi ɖeka koe li—eyae nye amegbetɔƒomea.
Yehowa medea asixɔxɔ aɖeke amewo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede alo mo ƒe dzedzeme ŋu o. Ke boŋ nu bubu aɖe si le vevie sãsãsã wu la ŋue wòdea asixɔxɔe—eyae nye míaƒe dzi, alo ame si míenye le ememe. Egblɔ be: “Amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (1 Samuel 16:7, 8) Ŋkuɖoɖo nyateƒenya sia dzi ate ŋu ade dzi ƒo na mí ŋutɔ. Le mɔ ka nu?
Menye míaƒe dzedzeme ƒe akpa sia akpae dzea mía dometɔ geɖe ŋu o. Ele alea, metsɔ le eme ame ƒomevi si me tɔ míenye o. Gake míate ŋu awɔ nu boo aɖeke tso eŋu o. Ke hã, míate ŋu awɔ nane tso nu si le vevie wu la ŋu, si nye míaƒe dzimesusuwo kple dzimedidiwo. (Kolosetɔwo 3:9-11) Ne míato nyateƒe na mía ɖokui la, ɖewohĩ míakpɔe be míesenɛ le mía ɖokui me be míekɔ wu ame ƒomevi bubuwo vie ya teti, alo be wokɔ wu mí. Esi nukpɔsusu evea siaa mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o ta la, ele be míadze agbagba vevie aɖe seselelãme ma le míaƒe dzi me.—Psalmo 139:23, 24.
Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu esi míele agbagba dzem be míabu mía ɖokui kple ame bubuwo abe ale si wòbua míi ene. Eƒe Nyaa ɖo ŋku edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2 Kronika 16:9) Esia nye nyateƒe, metsɔ le eme ame ƒomevi si me tɔ míenye o.