Woɖe Gbeƒã Mawu Ƒe Nya La Dzideƒotɔe!
Dzinɔameƒo—ɛ̃, dzideƒo—ƒe amesinɔnɔ le tsitretsiɖeŋu me nye nɔnɔme siwo Kristotɔ vavãwo ɖena fiana, abe ale si wòdze le míaƒe agbalẽ siwo nye “Bearing Thorough Witness” About God’s Kingdom (‘ Rends pleinement témoignage au sujet du Royaume de Dieu ’) kple Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) la me ene. Abe míaƒe haxɔsetɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, míedoa gbe ɖa na Yehowa hebiaa eƒe gbɔgbɔa kple eƒe kpekpeɖeŋu be míagblɔ eƒe nya la kple dzideƒo.—Dɔw. 4:23-31.
Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ tso ale si wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi ŋu be: “Mawu subɔlawo nɔ agbalẽ si nye Studies in the Scriptures (Études des Écritures) ƒe babla adrelia si ƒe tanyae nye The Finished Mystery (Le mystère accompli) la mam dzonɔamemetɔe. To vovo na Biblia la, eyae woma wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Woɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Gbãtɔ ɖe go le ƒe 1918 me. Emegbe woɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 2 lia ɖe go; eɖe nu si tae dziɖuɖumegãwo nɔ mɔ xem ɖe The Finished Mystery gbalẽa mama nu la me. Esia yome la, Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 3 lia hã do. Amesiamina wɔnuteƒewo ƒe ha la ma agbalẽ siawo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Ebia xɔse kple dzideƒo be woama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mawo.”
Egbea la, wonaa hehe Fiaɖuƒegbeƒãɖela yeyewo zi geɖe, gake tsã la, menɔ nenema o. Esi nɔviŋutsu Polandtɔ aɖe si nɔ Amerika la ɖo ŋku eƒe gbeadzidede zi gbãtɔ le ƒe 1922 me dzi la, eŋlɔ bena: “Nye ɖeka mele tsitre ɖe ɖɔkta aɖe ƒe ʋɔtru nu eye meƒo ʋɔa, evɔ nyemenya ale si mawɔ ana agbalẽa o, eye nyemese Eŋlisigbea hã nyuie o. Nyɔnu dɔnɔdzikpɔla aɖe do. Nyemaŋlɔ nu si dzɔ gbe ma gbe la be gbeɖe o, elabena metsi dzodzodzoe eye menɔ vɔvɔ̃m. Esi meʋu akplo si mekpla la, agbalẽawo katã kaka ɖe nyɔnua ƒe afɔnu. Nyemenya nya si megblɔ o, ke hã mena agbalẽ ɖeka eyama. Kaka madzo le egbɔ la, dzi ɖo ƒonye, eye mese le ɖokuinye me be Yehowa li kplim. Mena agbalẽvi geɖe gbe ma gbe le nuto ma, si me dɔwɔƒewo sɔ gbɔ ɖo la me.”
Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Le ƒe 1933 me lɔƒo la, nɔvi geɖe zãa ʋu siwo tame nyasemɔ le tsɔ kakaa Fiaɖuƒegbedeasia.” Gbe ɖeka la, nɔvinyɔnua kple Ðasefo atsu kple asi aɖe wonɔ gbeƒã ɖem le California ƒe tonuto aɖe me le Amerika. Egblɔ be: “Nɔviŋutsua ku ʋua yi toa tame ɖaa, eye míawo ya míenɔ dua me le abua me. Esi wòte gbedeasi si wolé ɖe mɔ dzi la ƒoƒo la, ɖeko wònɔ ɖiɖim abe dziƒoe wòle ɖiɖim tso ene. Dua me tɔwo di nɔviŋutsua ʋuu do kpoe. Esi wòƒo gbedeasia vɔ la, míeyi dua me tɔwo gbɔ ɖaɖi ɖase na wo. [Ema yome la,] mía kple ame bubuwo míezã ʋu eve bubu siwo tame nyasemɔ le la, eye mate ŋu aka ɖe edzi na wò be ame akpa gãtɔ medina be yewoase gbedeasia kura o. Gake naneke meli woawɔ o, ɖeko wòle be woase gbedeasi si le ɖiɖim tso ʋuawo tame wole sesem le woƒe aƒewo me ke la. Míekpɔe dze sii be Yehowa nana míezãa mɔnu si sɔ la tsɔ ɖea gbeƒã le ɣeyiɣi si sɔ me ɣesiaɣi. Mɔnu si míezãna la biana be míalé dzi ɖe ƒo blibo, ke hã míeɖoa taɖodzinu si tae wotoe vae ɖo la gbɔ ɣesiaɣi, eye esia doa Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi.”
Le ƒe 1930 ƒeawo kple ƒe 1940 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wozã agbaƒomɔ̃wo kple Biblia me nuƒo siwo wolé ɖe agbawo dzi la tsɔ ɖea gbeƒãe. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe nɔ agbaƒomɔ̃a zãm tsɔ nɔ tso aƒe me yi aƒe dɔa wɔm. Esi wòdze mɔ̃a ƒoƒo gɔme le ʋɔtru aɖe nu la, aƒea tɔ do dziku ale gbegbe be wòtu afɔkpo agbaƒomɔ̃a ɖa tso xɔxɔnua. Agba siwo dzi wolé nuƒo ɖo dometɔ aɖeke meŋe o. Ŋutsu etɔ̃ aɖewo siwo nɔ nu ɖum le agbatsɔʋu aɖe si tɔ ɖe afi ma me la kpɔ nu si dzɔ la teƒe, eye woyɔ nɔvinyɔnua be wòava ƒo agbaa na yewo yewoase, eye woxɔ agbalẽwo. Ema na wòɖe susu ɖa le ale si ŋutsu kemɛa wɔ nu ɖe eŋu ameŋumabumabutɔe la dzi.” Ebia dzideƒo be woado dzi le dodokpɔ mawo ƒomevi me.
Nɔvinyɔnua gblɔ kpee be: “Meɖo ŋku ɣeyiɣi si me míedze magazinewo nana le ablɔdzi gɔme le ƒe 1940 me dzi. Do ŋgɔ na esia la, míewɔa gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔlɔlɔwo. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nɔa fli ɖeka me le mɔa ƒe akpa ɖeka, eye wokplaa nyatakakaʋuƒo siwo dzi woŋlɔ ɖo be ‘Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃tetre Kple Ameflunu’ kpakple ‘Subɔ Mawu Kple Kristo Fia La.’ Le ɣeyiɣi ma ke me la, míenɔa traktwo mam na amewo eye míexɔa ga ɖe wo ta o. Ebia dzideƒo be ame nakpɔ gome le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa siawo me, ke hã woɖo taɖodzinu si nye be woana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe amewo la gbɔ.”
Nɔvinyɔnu bubu aɖe gblɔ be: “Magazineawo mama le duviwo me sesẽ ŋutɔ. Ɣemaɣi la, wotsia tsitre ɖe Ðasefowo ŋu ale gbegbe. . . . Ebia dzideƒo ŋutɔ be ame natɔ ɖe dzogoe aɖe dzi anɔ magazinewo nam ahanɔ ɖaseɖinya kpui si wona mí la gblɔm. Ke hã ƒãa hafi Memleɖa ɖeka toa mía ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, amewo wɔa nu ɖe mía ŋu xɔlɔ̃tɔe. Ɣebubuɣiwo la, ame gblẽkuwo ƒoa ƒu ɖe mía ŋu, eye wòva hiãna ɣeaɖewoɣi be míasi dzo kaba be amehawo ƒe asi nagasu mía dzi o.”
Togbɔ be woti Yehowa Ðasefowo yome vevie le Xexemeʋa II wɔɣi hã la, woyi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzinɔameƒotɔe. Le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe si míewɔ ŋkeke 43, tso December 1, 1940, va ɖo January 12, 1941 me la, gbeƒãɖela siwo ade 50,000 sɔŋ ye ma agbalẽvi siwo ade miliɔn enyi kloe le United States, le ɣeyiɣi si míena ŋkɔe be Ðaseɖiɖi Kple “Dzideƒo” Ƒe Ɣeyiɣi la me.
Ame tsitsi siwo le Mawu ƒe habɔbɔa me la dometɔ geɖe gaɖoa ŋku kuxi siwo wodo go va yi, si na wòhiã be woalé dzi ɖe ƒo le dɔa wɔwɔ me, la dzi nyuie. Ame aɖewo ɖoa ŋku edzi be, ale si dzi nɔa yewo ƒoe la dze le nya si yewolɔ̃a gbɔgblɔ la me be, Mina míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzonɔamemetɔe va se ɖe nuwuwu! Ne ava hiã be míazã mɔnu yeye aɖe atsɔ akaka gbedeasi si Mawu de mía si hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nawu enu la, míenya haɖe o. Gake le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, míayi edzi aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nya la le xɔse me dzinɔameƒotɔe.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
Tso gbe aɖe gbe ke la, ebiaa dzideƒo be ame nakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me