INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 3/15 axa 32
  • “Míeɖe Kuku, Màɖe Foto Mí Oa?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Míeɖe Kuku, Màɖe Foto Mí Oa?”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 3/15 axa 32

“Míeɖe Kuku, Màɖe Foto Mí Oa?”

Le kpakpã le nutome gã takpekpe aɖe ƒe ŋkeke evelia megbe la, Josué, si nye Betel dɔwɔla aɖe le Mexico la, nɔ tsa ɖim le Querétaro dua me. Atsu kple asi Colombiatɔ aɖewo, siwo ŋkɔwoe nye Javier kple Maru la, do go Josué, eye wobia tso esi be wòaɖe foto yewo. Esi Josué kple exɔlɔ̃ Ðasefo siwo nɔ tsa ɖim la dzra ɖo nyuie hede akɔtagbalẽviwo ta la, atsu kple asia bia wo be sukunuwuwu ƒe wɔna alo wɔna tɔxɛ bubu aɖe teƒee wotso hã. Josué ɖe eme na atsu kple asia be Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe demee yewole, eye wòkpe wo be woade Kwasiɖagbe tɔa.

Atsu kple asia se le wo ɖokuiwo me be ŋu akpe yewo akpa ne yewode takpekpea, le esi yewometsɔ awu si sɔ, si yewoate ŋu ado ayi wɔna sia tɔgbi teƒe la ɖe asi o ta. Ke hã Josué yɔ eŋkɔ na wo hena alɔdzedɔwɔƒe si wòle subɔsubɔm le la ƒe telefonxexlẽdzesi wo.

Ɣleti ene megbe la, Javier ƒo ka na Josué, eye esia wɔ nuku na Josué ale gbegbe. Javier kple srɔ̃a wode takpekpea, eye fifia, wodi be Yehowa Ðasefowo nava srã yewo kpɔ le Mexico City, afi si wonɔ ɣemaɣi. Eteƒe medidi o, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Javier kple Maru, eye wo ame evea wote kpekpewo dede enumake. Ɣleti ewo megbe la, wozu gbeƒãɖelawo. Togbɔ be eva hiã be atsu kple asi sia naʋu ayi Toronto, le Canada, hã la, woyi edzi wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi eye woxɔ nyɔnyrɔ.

Emegbe la, Josué xɔ lɛta aɖe tso Javier gbɔ. Javier ɖe nu si ʋãe wòxɔ nyateƒea la me le lɛta la me. Egblɔ be: “Do ŋgɔ na takpekpea dede la, mía kple srɔ̃nye míeɖo dze tso ale si míehiã mɔfiame tso Mawu gbɔe la ŋu. Esi míekpɔ ale si miedo awu nyuie la, míekpɔe be kpekpe tɔxɛ aɖe ŋutɔe mianya tso. Esi míede takpekpea la, ale si ame aɖe kpe ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe míekpɔ teƒe nɔ, kple ale si ame bubuwo kpe ɖe mía ŋu míekplɔ nuxexlẽwo ɖo le Biblia me ne wole exlẽm, kpakple takpekpea valawo ƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Edze abe wometsi dzi kura ɖe míaƒe awudodo abe tsaɖilawo ene ŋu o ene.”

Aleke gbegbe nunyala Fia Salomo ƒe nyawo va eme na Josué ye nye esi! Salomo ŋlɔ bena: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” (Nyagb. 11:6) Ðe nàte ŋu azã mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na wò la atsɔ aƒo nu na amewo tso takpekpe aɖe si gbɔna alo dutoƒonuƒo aɖe si ƒo ge wole la ŋu ahato esia dzi aƒã nukuwoa? Yehowa ate ŋu azã wò atsɔ ahe ame siwo gbɔgbɔ me dɔ kple tsikɔ le wuwum abe Javier kple Maru ene.—Yes. 55:1.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Tso miame yi ɖusime: Alejandro Voeguelin, Maru Pineda, Alejandro Pineda, Javier Pineda, kple Josué Ramírez si le alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe