INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 1/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Nui Ne Amewo Le Nu Madzɔmadzɔwo Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • “Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ale Si Nàdo Dzi Ne Wowɔ Nu Madzɔmadzɔ Ðe Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 1/1 axa 16
Nyɔnu aɖe kple via siwo da ahe kolikoli

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ame kae nye Mawu?

Mawu nye gbɔgbɔ si ŋku mate ŋu akpɔ o. Eyae wɔ dziƒo kple anyigba kpakple nu gbagbewo katã. Womewɔ Mawu o, eye gɔmedzedze hã meli nɛ o. (Psalmo 90:2) Mawu di be amewo nadi ye ahanya nyateƒea tso ye ŋu.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:24-27.

Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ si si ŋkɔ le. Ne míede ŋugble le nu siwo wòwɔ ŋu la, míakpɔ nɔnɔme siwo le esi la dometɔ aɖewo adze sii. (Romatɔwo 1:20) Gake ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia la, hafi ate ŋu adze sii nyuie. Biblia ɖea Mawu ƒe nɔnɔme lédzinameawo fiaa mí.—Xlẽ Psalmo 103:7-10.

Aleke Mawu sena le eɖokui me le madzɔmadzɔnyenye ŋu?

Yehowa, mía Wɔla la, lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Ewɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme nu. (5 Mose 25:16) Esia tae mía dometɔ akpa gãtɔ lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖo. Nu madzɔmadzɔ siwo teƒe kpɔm míele la metso Mawu gbɔ o. Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe amegbetɔwo. Gake nublanuitɔe la, ame geɖe wɔa woƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu hewɔa nu madzɔmadzɔ. Esia ɖua dzi na Yehowa.—Xlẽ 1 Mose 6:5, 6; 5 Mose 32:4, 5.

Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye maɖe mɔ ɖe madzɔmadzɔnyenye ŋu tegbee o. (Psalmo 37:28, 29) Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o, Mawu ana nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu nayi keŋkeŋ.—Xlẽ 2 Petro 3:7-9, 13.

Biblia do ŋugbe be Mawu ana dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖi kpuie

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 1. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.pr418.com

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe