INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 11/1 axa 3
  • Ðe Satana Nye Ame Li Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Satana Nye Ame Li Ŋutɔŋutɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Satana
    Nyɔ!—2013
  • Nya Wò Futɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 11/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE SATANA LI ŊUTƆŊUTƆA?

Ðe Satana Nye Ame Li Ŋutɔŋutɔa?

Satana, mawudɔla dzeaglã ƒe kpetata

Kpetata si le Madrid, Spain, si wobe ele tsitre ɖi na Satana, mawudɔla dzeaglã la

“El Salvador ye menɔ tsi. Ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe la, danye gblɔna nam be, ‘Abosam gbɔna léwò ge!’ Eye meɖoa ŋu nɛ be, ‘Neva!’ Abosam aɖeke mele afi aɖeke gbɔna nye lé ge o, Mawu dzie nye ya mexɔ se.”​—ROGELIO.

Ðe nèda asi ɖe Rogelio, ŋutsuvi sue la, ƒe nyaa dzia? Susu vovovo siwo gbɔna la dometɔ kae dzie nèda asi ɖo?

  • Satana meli ŋutɔŋutɔ o, vɔ̃ɖinyenye ko wòle tsitre ɖi na.

  • Satana li ŋutɔŋutɔ, gake metsɔ ɖeke le amegbetɔwo ƒe nyawo me boo o.

  • Satana nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si si ŋusẽ le, si le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi.

Susu vovovo etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi delawo li, ɖewohĩ woade ame miliɔn geɖe gɔ̃ hã. Gake ɖe wòle vevie kokoko be míanya susuawo dometɔ si nye nyateƒea? Nya lae nye be, ne Satana meli ŋutɔŋutɔ o la, ke ɖe woble ame siwo xɔe se be eli. Ne Satana li gake metsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe nyawo me o la, ekema ame siwo katã le ŋu dzɔ ɖe eŋu alo vɔ̃nɛ gɔ̃ hã la le fu ɖem na wo ɖokuiwo dzodzro. Gake ne Satana nye ameblela la, ekema ŋɔdzi le eŋu wu ale si ame akpa gãtɔ susunɛ.

Na míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖo nya siawo ŋui la ɖa: Nane si le tsitre ɖi na vɔ̃ ye Satana nye loo alo gbɔgbɔmeme aɖee wònye? Ne amee Satana nye la, ɖe wòate ŋu agblẽ nu le ŋuwòa? Ne ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò la, aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò tae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe