Emenyawo
3 Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—le Ghana
AUGUST 29, 2016–SEPTEMBER 4, 2016 ƑE KWASIÐA
7 Di Fiaɖuƒea, Ke Menye Xexemenuwo O
Yesu fia mí be míadi ‘Fiaɖuƒea gbã’ ke menye kesinɔnuwo o. Aleke míawɔ aƒo asa na ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ la, eye míanɔ agbe tsɛ ale be míate ŋu ati nu siwo do ƒome kple mawusubɔsubɔ yome geɖe wu? Míadzro Yesu ƒe dzideƒonya si le eƒe Todzimawunyaa ƒe akpa si dze le Mateo 6:25-34 la me.
SEPTEMBER 5-11, 2016 ƑE KWASIÐA
13 Nu Ka Tae Wòle Be ‘Míanɔ Ŋudzɔ’?
Ele be mí Kristotɔwo míaku kutri awɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Yesu na mí be ‘míanɔ ŋudzɔ’ la dzi. (Mat. 24:42) Be míate ŋu awɔ esia la, ele vevie be míakpɔ nyuie le nu siwo ate ŋu ana be míanɔ ŋudzɔ ɖe Yesu ƒe vava ŋu o la ŋu. Nyati sia dzro ale si míaƒo asa na nu siwo ate ŋu aflu mí be míaɖe ŋu ɖi la me.
SEPTEMBER 12-18, 2016 ƑE KWASIÐA
21 Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Amenuveve Ta
SEPTEMBER 19-25, 2016 ƑE KWASIÐA
26 Ðe Gbeƒã Mawu Ƒe Amenuveve Nya Nyuia Veviedodotɔe
Nyati eve siawo dzro mɔ vovovo siwo nu Yehowa ƒe amenuveve ɖea vi na mí le la me. Míakpɔ nu si ta wòle be míada akpe gã na Yehowa ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la ta kple ale si esia aʋã mí be míana amewo nanya nu si woawɔ be eƒe amenuvevea naɖe vi na woawo hã.