Nyati Siwo Dzi Wohe Susu Yi Le JW.ORG
Tso Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzi la, míanɔ susu hem yi nyati siwo tsia ɖe wo nɔewo nu, siwo do le míaƒe magazinewo me va yi gake fifia wole Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org la dzi.
NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU
Dzikudodo ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu, nenema kee wòle le dzikuléle ɖe dɔ me hã gome. Aleke nàwɔ aɖu wò dziku dzi ne nane dzɔ si na wò dzi ho?
(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SRƆ̃ÐEÐE KPLE ƑOMEGBENƆNƆ.)
BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM
Antonio ƒo eɖokui ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono me, eye esia na wòse le eɖokui me be taɖodzinu aɖeke mele yeƒe agbe ŋu o. Nu kae na wòva trɔ eƒe susu?
(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTIFAFA KPLE DZIDZƆKPƆKPƆ.)