Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Bosnia kple Herzegovina: Woxɔ kpekpeɖeŋununana aɖewo tso nɔvi siwo le Austria kple Kroatia gbɔ. Gbeƒãɖelawo dometɔ geɖe si le nuto sia si me aʋawɔwɔ gblẽ nu le la ya.
Fiji: Ame 3,890, si sɔ gbɔ zi eve kple edzivɔ wu gbeƒãɖela 1,404 siwo bu akɔnta le September me lae de ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛawo.
Japan: Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si wokpɔ le September mee nye 172,512.
Niger: Edzɔ dzi na nɔviawo be wotsɔ agbɔsɔsɔ yeye siwo nye gbeƒãɖela 169 kple tɔtrɔyi 3,252 dze subɔsubɔƒe yeyea gɔmee.
Réunion: Gbeƒãɖela 2,113 siwo nye agbɔsɔsɔ yeye le September me la bu agbɔsɔsɔ yeyewo ƒe akɔnta le tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo hã me.
Swaziland: Woɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 1,543 gbɔ le September me, eye hame ƒe gbeƒãɖelawo zã gaƒoƒo 13.8 le gbeadzi le mamã dedie nu.