Ŋkuɖodzia ƒe Vevienyenye
1 Nya si Petro gblɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la ɖo kpe Ŋkuɖodzia ƒe vevienyenye dzi, be: “Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.”—Dɔwɔwɔwo 4:12.
2 Ẽ, mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe ku tae míakpɔ xɔxɔ ɖo. Aleke wòhesɔe nye si be Yesu ŋutɔ wɔe wònye se be woaɖo ŋku yeƒe kua dzii, esime wògblɔ be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Eyata mewɔ nuku o be Ŋkuɖodzi lae nye kpekpe si amewo dena wu ƒe sia ƒe, eye ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 139,351 ye de le Ghana le ƒe si va yi me, eye amesiwo de le xexeame katãe nye 11,431,171, esi nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ.
3 Nusiwo me Yesu To le Mía Ta: Esi wònɔ nudzɔdzɔ siwo me vevesese le siwo aƒo eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ta la ŋu bum la, enye vevesese nɛ eye “wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya.” (Mat. 26:37) Eɖee gblɔ na Petro, Yohanes kple Yakobo le Getsemane-bɔa me be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me.” (Mat. 26:38) Esi wònɔ koko ƒom na Yehowa la, “eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.” (Luka 22:44) Le nyateƒe me la, etsɔ “ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo” do gbe ɖa na Yehowa vevie eye “wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.”—Heb. 5:7.
4 Emegbe la wodrɔ̃ ʋɔnui, esi va nye nyadɔdrɔ̃ si wotrɔ gboe wu ɖesiaɖe le ŋutinya katã me. Ʋɔnudrɔ̃la siwo ɖo tame vɔ̃ ɖe eŋu xoxo la tso nya me hafi dze ʋɔnudɔdrɔ̃a gɔme gɔ̃ hã. (Mat. 26:3, 4) Esi woƒe nuwɔna la mesɔ o ta la, wolala vaseɖe esime zã do hafi lé Yesu eye wodrɔ̃ ʋɔnui le zã me! (Luka 22:52-54) Aleke wòheve Yesue nye si be wotso ye nu be yegblɔ busunya ɖe ye Fofo si le dziƒo la ŋu! Woƒo tome nɛ, wotu kɔe, wotu ta ɖe eŋu, wotsɔ atam ƒoe eye mlɔeba la wona wòto amekaklã ɖe fuwɔameti ŋu ƒe vevesese si nu sẽ la me. Togbɔ be menye nusiwo katã me Yesu to le mía ta lae nye sia o hã la, ɖe womeʋãa mí be míakpɔ ŋudzedze vevie ɖe Yesu ƒe lɔlɔ̃ si ƒo ɖesiaɖe ta la ŋu oa?
5 Nusiwo Míesrɔ̃ tso Yesu Gbɔ: Edze ƒã be Yesu ɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye yemaɖe mɔ naneke naɖe ye ɖa le Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu o. Ele be wòanɔ alea le míawo hã gome, eɖanye fukpekpe kawoe xexeme sia ahe va mía dzi le nyateƒea alo nu bubu ta o. (Rom. 8:35-39) Yesu ƒe xɔse ɖu xexeame dzi. Nenema kee wòle be míaƒe xɔse hã nawɔe. (Yoh. I, 5:4) Ne èyi Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia le Braɖa, April 6 lia ƒe fiẽ me la, de ŋugble le azã la ƒe vevienyenye ŋu to Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzedze tututu le subɔsubɔ kɔkɔe ƒe akpawo katã me la me. Ekema míate ŋu akpɔ mɔ na agbe mavɔ ƒe nunana la, si mate ŋu asu mía si Yesu ƒe tafea manɔmee o.—Pet. I, 2:21.