Gbeƒãɖeɖewo
◼ July ƒe agbalẽnunana: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. August: Agbalẽ eve siwo nye Making Your Family Life Happy kple Happiness—How to Find It ƒe nunana eye míaxɔ ₵1,000. September: Agbalẽ eve siwo nye True Peace and Security—How to Find It kple “Let Your Kingdom Come” ƒe nunana eye míaxɔ ₵1,000. MIDE DZESII: Ne agbalẽ siawo dometɔ aɖe ƒe ŋkume biã le eƒe xoxododo ta la, miate ŋu anae ɖe asia ƒe afã si nye ₵250 dzi. Eyata le agbalẽ eveawo nana me la, ne ɖeka ƒe ŋkume biã gake evelia ya nyo la, míaxɔ ₵750 ɖe wo ame evea ta. Mɔɖelawo ate ŋu axɔ agbalẽ siawo siwo le biabiãm ƒe ɖeka ɖe eƒe asi ƒe afã si nye ₵125 dzi. Gake ne agbalẽa ƒe ŋkume mebiã o la, ke mɔɖelawo axɔe ɖe mɔɖelawo ƒe asia dzi eye gbeƒãɖelawo hã axɔe ɖe gbeƒãɖelawo ƒe asia dzi. Nɔvi siwo kpɔa agbalẽnyawo gbɔ nakpɔ January 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me mɔfiafiawo le asidziɖeɖe biabia ɖe agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã ta siwo woxɔ la ŋu. October: Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! alo magazine evea siaa ƒe nudɔdɔ xɔxɔ.
◼ Míele dzi dem ƒo na hamewo be woakpe “Application for Unassigned Territory” (Dɔwɔwɔ le Saɖeaganyigbawo dzi ƒe Dɔbiagbalẽ) (S-90) siwo míele ɖoɖom ɖe wo la ɖo. Mikpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le didiƒe.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me ɣleti sia, ne wometo eme le ɣleti si va yi me o. Miɖo ŋku edzi miaɖe gbeƒã le eŋu na hamea ne mieto eme vɔ.
◼ Betel anɔ tutu le July 1 dzi. Míawɔ dɔ gbemagbe o.
◼ Míele dɔwɔgbalẽvi ƒomevi eve ɖom ɖe hame ɖesiaɖe: woatsɔ ɖeka adɔ dɔwɔgbalẽviwoe eye evelia (Literature Order Form) hena ƒe sia ƒe ƒe nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le ƒe nuwo dɔdɔ. Midɔ nudɔgbalẽvi agbɔsɔsɔ si hiã mi ko. Mizã “Literature Order Form” (S-14) ƒe ŋgɔgbe tsɔ dɔ ƒe sia ƒe ƒe nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le eye mizã egodo hena agbalẽ siwo woatsɔ na mɔɖelawo femaxee dɔdɔ. Mite fli ɖe afisi woŋlɔ ɖo be “Other-Language Publications” la me eye miaŋlɔ ɖe eteƒe be “FREE COPIES FOR PIONEERS.” Be kuxi siwo míedo goe va yi nagava o la, míedi be agbalẽŋlɔla la nakpe dɔwɔgbalẽviawo ɖo nyuie eye dzikpɔla zimenɔla nade asi ete.