Gbeƒãɖeɖewo
◼ December ƒe agbalẽnunana: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota ɖe pepa si ƒe ŋkume biã dzi alo esi ƒe amadede trɔ alo esiwo wota do ŋgɔ na ƒe 1980. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o la ate ŋu ana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee. February: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le nusiwo woagadɔ me le woƒe ɣleti sia ɣleti ƒe nudzɔgbalẽvi si nye “Literature Order Form” (S-14) dzi.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo le ema megbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia.
◼ Ƒe 1995 ƒe Ŋkuɖodzia dze Fiɖa, April 14 dzi le ɣeɖoto megbe. Míena mienya ƒe 1995 ƒe Ŋkuɖodzizã la do ŋgɔ ale be nɔviwo nawɔ ɖoɖo ɖe akpata siwo li la ŋu ne hame geɖewoe le Fiaɖuƒe Akpata la zãm eye wòahiã be woadi takpexɔ bubuwo la, ne woawɔ ɖoɖo ɖe eŋu.
◼ Ɣeyiɣia de be míakpe “Medical Directive” ƒe agbalẽvia kple “Identity Card” yeyewo ɖo le January 1 dzi. Ele be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo katã nakpɔ egbɔ be yewokpe “Medical Directive” yeyewo ɖo na yewo ɖokui eye yewokpe “Identity Card” hã ɖo na yewo vi suewo.
◼ Mikpɔ egbɔ be yewoŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpui yeyea klã ɖe yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata me kaba le January 1 dzi. Ƒea ƒe mawunyakpukpui lae nye: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.”—Lod. 3:5.
◼ Taflatse hame siwo wu woƒe anyigbamamã si womede asi na wo o nu la naɖo ŋku edzi aɖo woƒe akɔntabubu ɖa kaba.
◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li: Eʋegbe: Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee; Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me. Gɛgbe: Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee.
◼ Agbalẽ Siwo Gava:
Eŋlisigbe: Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee. Gɛgbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!