INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/93 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 12/93 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ðe wònye nu gbegblẽ be Yehowa ƒe amewo naɖo hadomeƒuƒoƒo aɖe be woatsɔ ade dzi ƒo na wo nɔewoea?

Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ la, di be ye subɔlawo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa nakpɔ dzidzɔ le ye subɔsubɔ me. (Tim. I, 1:11; Mose III, 23:40) Eyata wonya alesi Mawu subɔla wɔnuteƒewo ɖea hahomodzaka nyui si tua ame nɔewo ɖoe. (Mose II, 15:20; Mose V, 16:11, 14; Luka 5:29, 30; Yoh. 2:1, 2) Eyata susu si nye be woaɖo ƒuƒoƒo aɖe anyi le hamea me be woatsɔ ade dzi ƒo na ame nɔewo le hadomekpekpewo me edziedzi adze nu nyui aɖee.

Esi wònye be Biblia la ɖee fia be xexe sia me dziɖula, Satana, ɖoe kplikpaa be yeable amesiwo mele ŋudzɔ o ta la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le afisia. (Yoh. I, 5:19; Pet. I, 5:8, 9) Habɔbɔ kple ƒuƒoƒo geɖewo le Kristodukɔa me sɔlemehawo si siwo ƒoa wo ɖokui ɖe hadomenuwɔna vovovowo me—esiwo nye tsaɖiɖi me nuɖuɖu, kplɔ̃ɖoɖowo, ɣeɖuɖuwo, nudzadzrawo, lãmesẽfefewo, kple modzakaɖeɖe bubuwo, esiwo katã woɖo be woatsɔ ana hamea me tɔwo nado vevie nu le sɔlemehaa ƒe dɔwɔnawo me. Gake esia hea woƒe susu kple nunɔamesiwo ɖa tso nusi wòle be wòanye Kristotɔwo ƒe dɔwɔna vevitɔ—si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea—la dzi.—Mat. 24:14; tsɔe sɔ kple Romatɔwo 10:2, 3.

Míedi be míawɔ nu wòasɔ kple xexe sia me tɔ ne nuwɔna si adze abe ɖe afɔku mele eŋu o ene la nazu mɔ̃ aɖe mí o. (Yoh. 17:16; Rom. 12:2) Ne ƒuƒoƒo si akpɔ hadomenuwɔnawo gbɔ la ɖoɖo ƒe susu nyɔ ɖe Kristotɔ aɖe me la, asɔ be wòade ŋugble le biabia siawo ŋu atsɔ adzro eɖokui mee: Aleke esia atum ɖo le gbɔgbɔ mee? Aleke wòakpe ɖe ŋunye be manye subɔla si bi wui? Nye ɣeyiɣi si metsɔ ɖe adzɔgbee ƒe agbɔsɔsɔ kae wòaxɔ? Eye ga si matsɔ akpɔ nusiawo gbɔe hã ɖe? Amekawo ƒomevie made ha kplii le ƒuƒoƒo siawo me? Ðe Kristotɔ hamemegãwo anɔ anyi aɖo kpɔɖeŋu nyuia alo hatiwo ɖeɖeko ƒe ƒuƒoƒoe wòanyea? Ðe nusiwo woawɔ le afisia ade bubu Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋua?

Le afisi naneke megblẽ le ƒuƒoƒoa ƒe nuwɔnawo ŋu le agbenyuinɔnɔ gome o gɔ̃ hã la, ele be Kristo-hamea ƒe taɖodzinu vevitɔ nanɔ susu me na mí—esi nye be míato gbeƒãɖeɖe kple nufiafia tso Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ŋu me akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woadze si nyateƒea. (Mat. 28:19, 20) Le ɣeyiɣi si me míele ta la, ehiã vevie be míalé fɔ ɖe dɔ sia ŋu. (Kor. I, 7:29a; tsɔe sɔ kple Mateo 26:45.) Eyata ele be Kristotɔ la nade ŋugble le nya la ŋu nyuie le gbedodoɖa me eye wòatso nya me wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu.—Rom. 14:16-18.

Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖewo tso nya me ɣeaɖewoɣi be yewoakpe hati Kristotɔwo ava yewoƒe aƒeme hena hadomenuwɔna aɖe la, ekpɔ amekpelawo ŋkume be woakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi, eye alesi ƒuƒoƒoa le sue la, nenemae edzi anya kpɔ nyuie. Hadomekpekpe mawo tɔgbe sɔ, gake esia to vovo na hadomeƒuƒoƒowo ɖoɖo si ŋu nyati sia ƒo nu tsoe.

Togbɔ be Kristotɔ vavãwo kpɔ alesi modzakaɖeɖe hiãe dze sii hã la, woɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be ‘dɔ geɖe le yewo si yewoawɔ le Aƒetɔ la me’ hafi nuɖoanyi sia nawu enu. (Kor. I, 15:58) Eyata mele be mí ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo míaɖe mɔ be hadomenuwɔnawo naɖe míaƒe susu ɖa le gbɔgbɔmedɔdasi siwo le vevie wu la dzi o.—Mat. 6:24; Nyagb. 11:9, 10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe