INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/94 axa 2
  • Miwɔ Agbalẽ Siwo ƒe Ŋkume Biã Hã Ŋudɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Agbalẽ Siwo ƒe Ŋkume Biã Hã Ŋudɔ!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 6/94 axa 2

Miwɔ Agbalẽ Siwo ƒe Ŋkume Biã Hã Ŋudɔ!

1 Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe dzesi le agbalẽ siwo ɖea Biblia me la tata me. Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo sɔsrɔ̃ dzie ame geɖe siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea la to va zu Ðasefowo. Esi míegale agbalẽ siawo ŋudɔ wɔm le gbeadzi ta la, míeka ɖe edzi be ame geɖe agava wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo le etsɔ me.

2 Togbɔ be wotsɔ pepa nyuiwo ta agbalẽ siawo ƒe ɖewoe hã la, wotsɔ pepa siwo mexɔ asi o, siwo wotsɔ taa nyadzɔdzɔgbalẽwoe koŋ la ta bubuwoe. Aleke pepa la ƒe nyonyome le o emenyawo sɔ elabena Mawu ƒe Nya la mee woɖe wo tsoe. (Tim. II, 3:16, 17) Eyata nyati sia le gbeƒã ɖem ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ ɖe agbalẽ siwo katã ƒe amadede trɔ, efia be agbalẽ siwo katã ƒe ŋkume biã le pepa si wotsɔ ta woe ta la ŋu. Ðoɖo tɔxɛ kae?

3 Tso fifia dzi yina la, míana agbalẽ siwo katã ƒe ŋkume biã la ɖe asi si dzi woɖe la dzi zi alesi wogakpɔtɔ le hamewo me alo le alɔdzedɔwɔƒea. Gake Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ayi edzi ayɔ agbalẽ siwo woana le ɣleti ɖesiaɖe me. Mikpe asi ɖe esia ŋu. Ke hã la, afisi wòhiã le la, àte ŋu ana agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã la faa ɣesiaɣi le ƒea me.

4 Gbeƒãɖelawo axɔ axa 416 alo 384 alo 192 ƒe agbalẽ siwo katã ƒe amadede trɔ la ₵350 eye woanae ɖe asi ma ke dzi. Gbesiagbe mɔɖelawo axɔ ɖeka ₵180.

5 Magahiã fifia be hamewo naxlẽ agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã la aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea azɔ o. Míeɖo akɔntabubu siawo ɖa xoxo esi miexɔ míaƒe lɛta si nye SH September 25, 1991 na hamewo katã. Ne hamemegãwo kpɔe le woƒe nuŋlɔɖiwo me be yewoƒe hamea meɖo agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã ƒe xexlẽme ƒe akɔntabubu ɖa le ƒe 1991 me o la, ekema woate ŋu aɖoe ɖa fifia ale be woagatrɔ asi le gakɔnta la ŋu. Míaƒe lɛta SH January 13, 1992 si woɖo ɖe hamewo katã yɔ agbalẽ siwo woaxlẽ kple esiwo womaxlẽ o. Hame siwo meɖo agbalẽ siawo ƒe xexlẽme ŋuti akɔnta ɖa le ƒe 1991 me o ŋu ko esia ku ɖo. Ele vevie.

6 Esi agbalẽawo ƒe asi bɔbɔ wu le ƒe 1991 me ta la, hame geɖe akpɔ ga ɖe edzi ne wona agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã la ɖe fifia ƒe asi dzi. Esia ana hame geɖe siwo ŋu agbalẽfe le la nate ŋu axee alo edzi naɖe akpɔtɔ. Ne agbalẽga si wokpɔ ɖe edzi sɔ gbɔ le hame siwo ƒe agbalẽgakɔntabubu nyo me la, woate ŋu adzɔ nu aɖo ɖe Habɔbɔa atsɔ aɖe ga tsidzia dzi akpɔtɔ. Mele be hamewo nabia fedziɖeɖe ne gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo xɔ agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã le hamea me o. Nusitae nye be ne womebia fedziɖeɖe o hã la, agbalẽga si woakpɔ la adzi ɖe edzi godoo ne gbeƒãɖelawo xɔe ɖe asidziɖeɖe si nye ₵350 kple ₵180 na mɔɖelawo dzi.

7 Mina mí katã míana agbalẽ siwo ƒe ŋkume biã ɖe asi bɔbɔe dzi be míakpe ɖe ame geɖe ŋu va agbemɔ la dzi.—Nyagb. 11:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe