Nyabiaɖaka
◼ Awu kae sɔ be nutome sue kple nutome gã takpekpewo me nuƒolawo nado atsɔ ayi nuƒolanɔƒea?
Gɔmeɖose si le Timoteo I, 2:9 ku ɖe Mawu subɔlawo ŋu ɣesiaɣi be le afisiafi si míele la, ele be míado awu ɖe nɔnɔme nyui me ‘eye míawɔ leke na mía ɖokui le ŋuɖɔɖo kple ɖokuidziɖuɖu me.’
Ele be awudodo nasɔ ɖe nɔnɔmea nu. Le kpɔɖeŋu me, atɔ ŋku ŋutɔ be agbledela nada nugbeyivɔ alo avɔ si wotsɔ yia teƒe veviwoe ɖe abɔ anɔ nu ŋlɔm le agble me, gake matɔ ŋku ne edae ɖe abɔ le aƒeme alo le du me ne ele exɔlɔ̃wo srãm kpɔ o. Nenema ke atɔ ŋku ŋutɔ be woado kot atsɔ ayi tsiƒuƒee, gake awu sia megblẽ be woado ayi Fiaɖuƒe Akpata me o.
Bubu si le wɔna aɖe ŋu hãe ɖea awu si tɔgbe tututu asɔ be woado ayi la fiana. Amewo dina le dzɔdzɔme nu be yewoadze agbagba ‘ado awu nyuitɔ kekeake’ ne yewoyina teƒe vevi aɖe. Gake ehiã kokoko be Kristotɔwo nada asɔ be woagado “awu xɔasi” le wɔna siawo gɔ̃ hã me o.—Tim. I, 2:9b.
Woɖo ŋku edzi na mí be Fianyɔnu Ester do “fiawu” esi wòdo ɖe fia la ŋkume. (Es. 5:1) Le gɔmeɖose sia ŋudɔwɔwɔ me la, wodi tso nuƒola siwo ado ɖe nuƒolanɔƒea le wɔna veviwo abe nutome sue kple nutome gã takpekpewo me ene si be woƒe awudodo naɖe bubu si le wɔna la ŋu afia. Míate ŋu agblɔ be le dukɔ sia me la nutome sue kple nutome gã takpekpewo me nuƒola siwo doa kot alo daa nugbeyivɔ dzadzɛwo ɖe abɔ la do awu si sɔ be woaƒo nu na woƒe nyaselawo. Le Ghana ƒe Dzogbedzi kple Gbegãdzi Nutowo me la, wobua awu si woyɔna be fugu be enye azãɖuƒewu dzadzɛ. Eyata woate ŋu aɖe mɔ nuƒolawo nado fugu le nuto mawo me.
Ame aɖewo bia nenye be amesiwo si wode dutoƒonuƒo asi na le hamea me ate ŋu ado dzikpleanyi hã. Míaɖo eŋu be ẽ. Dutoƒonuƒoa ƒe zimenɔla hã ate ŋu ado dzikpleanyi le hamea me. Gake mɔɖeɖe meli be nutome sue kple nutome gã takpekpewo me nuƒola siwo ava nuƒolanɔƒea nado dzikpleanyi o. Amesiwo si dɔ bubuwo abe wɔwɔfiawo alo gbebiamewo ene le le nutome sue alo nutome gã takpekpewo me la ate ŋu ado dzikpleanyi faa, gake ele be nuƒola la ŋutɔ nado kot alo ada nugbeyivɔ dzadzɛ aɖe ɖe abɔ, alo le Dzogbedzi kple Gbegãdzi tɔwo gome la, woado fugu nyui aɖe abe alesi míegblɔe va yi ene.
Le hame geɖe me la, nɔvi siwo si dɔ le, le kpɔɖeŋu me, le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua alo Subɔsubɔ Kpekpea me la doa dziwui heblaa kɔla vaa nuƒolanɔƒeae. Míekpɔe be awudodo sia sɔ na wɔna ma.
“Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe” ɣesiaɣi.—Kor. I, 14:40.