Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. Mitrɔ yi amesiwo xɔe la gbɔ. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April kple May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ.
◼ Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔwɔ me. Ne gaƒoƒonudidia gbɔ ɖoɖo le sesẽm na wo dometɔ aɖe la, ke hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe eŋu. Esia ate ŋu afia ne mɔɖelawo aɖo woƒe nudidiwo gbɔ dzidzedzetɔe le ƒea me loo alo woadzudzɔ mɔɖeɖedɔa. Mito Habɔbɔa ƒe lɛta (S-201) siwo wòŋlɔ le October 1, 1993, kple November 2, 1992 dzi me hena aɖaŋuɖoɖowo. Mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-20 me nyawo hã.
◼ Le hamea ƒe kpekpe kpakple nutome sue takpekpe siwo woawɔ le April 23, 1995 dzi ƒe nuwuwu la, woaɖe gbeƒã dɔ tɔxɛ aɖe si me míamã axa ene ƒe trakt si me gbedasi si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi le na ame geɖe. Woade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woƒe ŋku nanɔ dzinyuitɔ siwo bua kuxi sesẽ siwo dze ŋgɔ wo ŋu vevie eye wodi aɖaŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la ŋu etɔxɛe. Gbeƒãɖela ɖesiaɖe kple ame yeye siwo adze gbeadzisubɔsubɔdɔ gɔme le March, April, kple May me adi be yewoakpɔ gome le eme bliboe ahado alɔ dɔ tɔxɛ sia.
◼ Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, kple May me nawɔ woƒe ɖoɖowo fifia eye woatsɔ woƒe dɔbiagbalẽviwo ana kaba. Esia akpe ɖe hamemegãwo ŋu be woawɔ gbeadziyiɖoɖo siwo hiã eye agbalẽ siwo asu la nanɔ anyi.
◼ Betel anɔ tutu le Dzoɖa, March 6 lia dzi. Míawɔ dɔ o.
◼ Míele dzi dem ƒo na Twi hamewo be woazã Twi hadzigbalẽa ne wole ha dzim le kpekpewo me. Hadzigbalẽ sia le alɔdzedɔwɔƒea.
◼ Woyɔ ɣleti afã sia ɣleti afã ƒe magazine siwo wolé ɖe kasɛt dzi siwo vana to yameʋu dzi la dɔdɔ ƒe asi ɖe October 1, 1994 ƒe Cost List la me. Kasɛt siwo tɔdziʋu tsɔna vɛ (surface mail) la ƒe asie nye: Mɔɖela—₵50,000.00; Ŋkuagbãtɔ—₵12,000.00; Gbeƒãɖela kple Ame Bubuwo—₵56,000.00. Taflatse miŋlɔ asi siawo ɖe miaƒe Cost List la me.